12
Yoas dzra gbedoxɔ la ɖo
Le Yehu ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe adrelia me la, Yoas zu Yuda fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe blaene. Dadae nye Zibia tso Beerseba. Ewɔ nu dzɔdzɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me elabena nunɔlagã Yehoiada fia afɔɖoƒee. Gake, megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko.
Yoas gblɔ na nunɔlawo be, “Miƒo ƒu ga siwo katã wotsɔ vɛ na Yehowa abe nunana kɔkɔewo ene, ga si miekpɔ le amexexlẽ la me, ga si ka mia si, si nye amewo ƒe adzɔgbeɖeɖewo kple lɔlɔ̃nununana si amewo tsɔ va gbedoxɔ la me. Mina nunɔla ɖe sia ɖe naxɔ ga la tso gadzikpɔla ɖeka si eye miawɔ eŋu dɔ adzra nu sia nu si miekpɔ be egblẽ le gbedoxɔa me la ɖo.”
Ke le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, nunɔlawo medzra gbedoxɔ la ɖo o. Ale Yoas yɔ Yehoiada kple nunɔla bubuawo eye wògblɔ na wo be, “Nu ka ta miewɔ naneke tso gbedoxɔ la ŋu kpɔ o? Azɔ la, migawɔ ga aɖeke ŋu dɔ na miawo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o. Tso azɔ dzi yina la, ele be miawɔ ga ɖe sia ɖe ŋu dɔ hena gbedoxɔ la dzadzraɖo.” Ale nunɔlawo ɖo be yewoaɖo ga tɔxɛ aɖe da ɖi si mato yewoƒe asi me o, ale be yewomawɔ eŋu dɔ na yewo ŋutɔ ƒe nuhiahiãwo o.
Nunɔla Yehoiada ɖe do gã aɖe ɖe tsitrenuɖaka gã aɖe tame eye wòtsɔe da ɖe vɔsamlekpui si le gbedoxɔ la ƒe mɔnu la ƒe ɖusime. Ʋɔtrua ŋu dzɔlawo tsɔa ga siwo ameawo tsɔna vɛ la dea eme. 10 Ne tsitrenuɖaka la yɔ la, fia ƒe gaŋutinyaŋlɔla kple nunɔlagã la xlẽa ga la, denɛ kotokuwo me 11 Esi woɖo kpe ga homea dzi la, wotsɔe na ame siwo wotia be woakpɔ dɔa dzi le gbedoxɔ la ŋuti. Wotsɔ ga sia xe fe na ame siwo wɔ dɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu, atikpalawo kple xɔtulawo, 12 gliɖolawo kple kpekpalawo. Woƒle ati kple kpe kpakpawo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la dzadzra ɖo eye woxe fe bubu ɖe sia ɖe si ku ɖe gbedoxɔ la dzadzraɖo ŋu.
13 Womewɔ ga si wotsɔ va gbedoxɔ la me la ŋu dɔ na klosalogbawo, akaɖimeɖovulãnuwo, ʋutrewo, kpẽwo alo nu bubu ɖe sia ɖe si wowɔ kple sika alo klosalo la ƒeƒle na Yehowa ƒe gbedoxɔ o. 14 Wotsɔe xe fee na dɔwɔlawo, ame siwo dzra gbedoxɔ la ɖo. 15 Womebia tso dɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta na ame aɖeke o elabena wonye nuteƒewɔlawo. 16 Ke wotsɔa ga siwo amewo nana abe fɔɖivɔsa kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene la ya naa nunɔlawo hena wo ŋu dɔ wɔwɔ. Ga siawo ya megena ɖe tsitrenuɖaka la me o.
17 Fia Hazael, Siria fia ho aʋa ɖe Gat ŋu le ɣeyiɣi sia me, ɖu edzi eye wòɖe zɔ ɖe Yerusalem hã dzi. 18 Fia Yoas tsɔ nu siwo ŋu fofoawo, Yuda fiawo abe Yehosafat, Yehoram kple Ahazia ene kɔ kple nu siwo eya ŋutɔ hã wɔ kple sika si nɔ gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Aram fia Hazael. Ale Hazael megaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu o.
19 Woŋlɔ Yoas ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20 Eŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Bet Milo, le Sila mɔ dzi. 21 Ame siwo wui la woe nye: Yozakad, Simeat ƒe vi kple Yehozabad, Somer ƒe vi. Ame eve siawo nye fia la ƒe dɔla nuteƒewɔlawo hafi! Woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ me le Yerusalem eye via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.