15
Azaria, Yuda fia
Le Yeroboam Evelia, Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Azaria, Yuda fia Amazia ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme. Exɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem. Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene gake, Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko.
Le esia ta la, Yehowa na wòdze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Woɖe kpɔ eya ɖeka da ɖe aƒe aɖe me ale via Yotam wɔ dɔ ɖe eteƒe abe fiateƒenɔla ene.
Woŋlɔ Fia Azaria ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Azaria ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me eye via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe.
Zekaria, Israel fia
Israel fia yeye lae nye Zekaria, fofoae nye Yeroboam Evelia. Eɖu fia ɣleti ade ko. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyilia me.
Ke Zekaria nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume, abe fofoawo ene. Ena Israel wɔ nu vɔ̃ to legbawo subɔsubɔ me abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi ene. 10 Salum, Yabes ƒe vi ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le lbleam eye wòzu fia ɖe eteƒe. 11 Woŋlɔ Zekaria ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 12 Ale nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Wò dzidzimeviwo aɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi” la va eme.
Salum, Israel fia
13 Israel fia yeye lae nye Salum. Fofoae nye Yabes. Eɖu fia ɣleti ɖeka pɛ ko. Yuda fia Azaria, ame si wogayɔna be Uzia la nɔ eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me.
14 Le Salum ƒe fiaɖuɖu ɣleti ɖeka megbe la, Menahem, Gadi ƒe vi tso Tirza va Samaria eye wòwui. Ale Menahem zu fia ɖe eteƒe. 15 Woŋlɔ nya bubuwo tso Fia Salum kple eƒe nugbeɖoɖowo ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
16 Fia Menahem gbã Tapua du kple kɔƒe siwo ƒo xlãe elabena ameawo gbe be yewomaxɔe abe woƒe fia ene o. Ewu ameawo katã eye wòdze ƒodo le funɔwo nu.
Menahem, Israel fia
17 Israel fia yeye lae nye Menahem, Gadi ƒe vi. Eɖu fia ƒe ewo le Samaria. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia, Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me.
18 Menahem nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume. Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam Gbãtɔ wɔ xoxoxo la ene eye wòhe Israel de nu vɔ̃ me. 19 Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si. 20 Menahem xɔ ga sia le Israelviwo si sesẽtɔe. Ele na hotsuitɔ ɖe sia ɖe be wòana klosaloga kilogram afã be woatsɔ ana Asiria fia. Ale Asiria fia dzudzɔ aʋa la hoho ɖe eŋu eye wòdzo le anyigba la dzi.
21 Woŋlɔ Fia Menahem ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 22 Esi wòku la, via Pekahia zu fia ɖe eteƒe.
23 Israel fia yeye lae nye Pekahia, fofoae nye Menahem. Eɖu fia ƒe eve le Samaria. Esime Yuda fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ la, Pekahia dze fiaɖuɖu gɔme. 24 Pekahia nye fia vɔ̃di aɖe le Yehowa ŋkume. Eyi legbasubɔsubɔ si gɔme Fia Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, dze la dzi eye wòkplɔ Israel to nu vɔ̃ mɔ ma dzi. 25 Peka, Remalia ƒe vi, aʋafiawo dometɔ ɖeka wɔ babla kple Gileadtɔ blaatɔ̃ ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Samaria. Wowu Argɔb kple Arieh kpe ɖe eŋu. Ale Peka zu fia yeye la.
26 Woŋlɔ Fia Pekahia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Peka, Israel fia
27 Israel fia yeye lae nye Peka, Remalia ƒe vi. Eɖu fia ƒe blaeve le Samaria le esime Fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve xoxo le Yuda.
28 Peka hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume; eya hã wɔ nu vɔ̃ si Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel blibo la de legbasubɔsubɔ me la wɔ. 29 Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria. 30 Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la.
Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda.
31 Woŋlɔ Peka ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Yotam, Yuda fia
32 Le Peka, Remalia ƒe viŋutsu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia le Israel me la, Yotam, Uzia ƒe vi, dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda. 33 Exɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòɖu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae ŋkɔe nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. 34 Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. 35 Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Yotam gbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe Dzigbegbo la tu.
36 Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 37 Le ŋkeke mawo me la, Yehowa na Siria fia Rezin kple Israel fia Peka ho aʋa ɖe Yuda ŋuti. 38 Esi Yotam ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa de si nye David ƒe du la me. Yotam ƒe vi Ahaz zu fia yeye la.