16
Yuda fia, Ahaz
Le Peka, Remalia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahaz, Yotam ƒe vi, zu fia le Yuda. Ahaz xɔ ƒe blaeve esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade. Mewɔ nu si dzɔ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume abe ale si tɔgbuia, Fia David wɔ ene o. Eto Israel fiawo ƒe ʋeme eye wòtsɔ Via ŋutsu gɔ̃ hã wɔ dzovɔsa eye wòdze ŋunyɔnu siwo ke dukɔ siwo Yehowa nya le Israelviwo ŋgɔ la yome. Esaa vɔ eye wòdoa dzudzɔ hã le nuxeƒewo le toawo dzi kple le vɔsamlekpui geɖe siwo le atiwo te la dzi.
Siria fia Rezin kple Israel fia Peka, Remalia ƒe vi ho aʋa ɖe Ahaz ŋu eye woɖe to ɖe Yerusalem, ke womete ŋu ɖu edzi o. Le ɣe ma ɣi la, Siria fia Rezin gbugbɔ Siria du si nye Elat la xɔ. Enya Yudatɔwo le dua me eye wòna Edomtɔwo yi ɖanɔ afi ma; wogale Elat va se ɖe egbe. Fia Ahaz ɖo du ɖe Asiria fia, Tiglat Pilser eye wòɖe kuku nɛ be, “Wò subɔlawo kple viwòwoe míenye, meɖe kuku, va nàɖem tso Aram fia kple Israel fia, ame siwo tso ɖe ŋunye la ƒe asi me.” Ahaz tsɔ klosalo kple sika si le gbedoxɔ la kple fiasã la ƒe nudzraɖoƒewo me la ɖo ɖe Asiria fia la abe nunana ene. Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin.
10 Azɔ la, Fia Ahaz yi Damasko be yeawɔ takpekpe kple Asiria fia Tigat Pilser. Ekpɔ vɔsamlekpui aɖe le Damasko. Eŋlɔ vɔsamlekpui la ƒe dzidzemewo da ɖi, ta vɔsamlekpui la, ɖɔe tsitotsito ɖo ɖe nunɔla Uria. 11 Ale nunɔla Uria tu vɔsamlekpui aɖe, wòsɔ ɖe tata si Fia Ahaz tsɔ ɖo ɖa tso Damasko la dzi eye wòwu enu hafi Fia Ahaz gbɔ. 12 Esi fia la gbɔ tso Damasko eye wòkpɔ vɔsamlekpuia la, ete ɖe eŋu eye wòsa vɔwo le edzi. 13 Fia la sa numevɔ kple nuɖuvɔ, kɔ nunovɔ ɖe edzi eye wòhlẽ ŋutifafavɔsa ƒe ʋu ɖe edzi. 14 Etsɔ akɔblivɔsamlekpui si nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ, le gbedoxɔ la ƒe mɔnu kple vɔsamlekpui yeye la dome la yi ɖada ɖe vɔsamlekpui yeye la ƒe axadzi le anyiehe lɔƒo. 15 Fia Ahaz gblɔ na nunɔla Uria be wòawɔ vɔsamlekpui yeye la ŋu dɔ le numevɔwo, fiẽnuɖuvɔwo, fia ƒe numevɔwo kple nuɖuvɔwo kple ameawo ƒe vɔsawo kple woƒe nunovɔwo sasa me. Wòatsɔ numevɔsawo kple akpedavɔsawo ƒe ʋu ahlẽ ɖe vɔsamlekpui yeye la ŋu, ke ye ŋutɔ yeawɔ akɔblivɔsamlekpui xoxo la ŋu dɔ hena nukaka ko.
16 Nunɔla Uria, wɔ fia Ahaz ƒe ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ. 17 Fia Ahaz ɖe nyinɔ siwo dzi nuwo nɔ le gbedoxɔ la me ɖe ga siwo wotsɔ tso gae ɖe wo nɔewo dzi kple gazɔ gã si nɔ akɔblinyiawo dzi la da ɖe kpui la dzi. 18 Le bubudede Asiria fia ŋu ta la, Israel fia na woɖe Dzudzɔgbe ƒe agbadɔ si le gbedoxɔa me la ɖa eye wòna woɖe mɔnu tɔxɛ si fiawo tona gena ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la hã ɖa.
19 Woŋlɔ Fia Ahaz ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya mamlɛawo kple nu siwo wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 20 Esi Ahaz ku la, woɖii ɖe fiawo ƒe ameɖibɔ le David ƒe du la me. Ke via Hezekia zu fia ɖe eteƒe.