23
Yosia gbugbɔ nubabla la wɔ yeye
Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu. Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo. Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu.
Ale Fia la ɖe gbe na nunɔlagã Hilkia kple nunɔla bubuawo kple agbonudzɔlawo be woaɖe nu siwo katã wowɔ na Baal, aƒeli kple dziƒoŋunuwo katã la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Etɔ dzo wo le Yerusalem dua godo le Kidron balime eye wòlɔ dzofi la yi Betel. Eɖe trɔ̃nua siwo Yuda fia xoxowo ɖo be woado dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒewo le Yuda duwo kple du siwo ƒo xlã Yerusalem la ɖa, ame siwo do dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal, ɣe kple ɣleti, ɣletiviwo kple dziƒoŋunuwo. Eho aƒeli la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, tsɔe yi Yerusalem godo yi ɖe Kidron tɔʋu la gbɔ. Etɔ dzoe le afi ma, tui wòzu wɔ eye wòkaka wɔ la ɖe ame gblɔewo ƒe yɔdowo dzi. Egbã ŋutsugbolowo ƒe xɔwo ƒu anyi, xɔ siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, afi si nyɔnuwo hã nɔna, nɔa kundruwo lɔ̃m na aƒeli.
Yosia kplɔ nunɔla siwo katã nɔ Yuda duwo me la gbɔe eye wòna wodo gu nuxeƒewo katã tso Geba yi ɖase ɖe Beerseba afi si nunɔlaawo do dzudzɔ ʋeʋĩ le. Egbã legba siwo nɔ dua ƒe mɔmefia, Yosua ƒe agbo nu. Legba la nɔ agbo la ƒe miame. Togbɔ be nunɔla siawo mewɔ subɔsubɔdɔwo le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem o hã la, woɖua abolo maʋamaʋã kple nunɔla bubuawo.
10 Le esia megbe la, fia la do gu Tofet si nɔ Ben Hinom ƒe Balime, ale be ame aɖeke magate ŋu atsɔ via ŋutsuvi alo via nyɔnuvi awɔ dzovɔsae na Molek o. 11 Eɖe sɔ siwo ŋuti Yuda fiawo kɔ na ɣelegba la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔnu. Wonɔ xɔxɔnu si te ɖe dumegã aɖe si woyɔna be Natan Melek ƒe xɔnu. Ale Yosia tɔ dzo tasiaɖam siwo ŋuti wokɔ na ɣelegba la hã. 12 Fia la mu vɔsamlekpui siwo Yuda fiawo tu ɖe gbadzaƒe si le Ahaz ƒe xɔ la tame le fiasã la me kple vɔsamlekpui siwo Fia Manase tu ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. Egbã wo kakɛkakɛ eye wòkaka kakɛawo ɖe Kidron bali la me.
13 Le esia megbe la, eɖe nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe kple Gbegblẽto la ƒe dziehe la ɖa. Fia Solomo tu nuxeƒe siawo na Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu vɔ̃ɖi la, na Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu vɔ̃ɖi la kple na Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu nyɔŋu la. 14 Yosia gbã legbawo eye wòho aƒeliwo. Ekaka ameƒuwo ɖe teƒe siawo hedo gu teƒeawo. 15 Egbã vɔsamlekpui kple nuxeƒe si Yeroboam Gbãtɔ tu ɖe Betel esime wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Egbã kpeawo wozu ʋuʋudedi eye wòtɔ dzo aƒeliwo. 16 Esi Fia Yosia nɔ ŋku tsam gbe ɖeka la, ekpɔ yɔdo aɖewo ɖaa le to la ŋu. Eɖe gbe na eƒe amewo be woaɖe ƒuawo le yɔdoawo me eye woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui si le Betel la dzi, ado gui ale be, nya si Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ da ɖi be adzɔ ɖe Yeroboam ƒe vɔsamlekpui dzi la nava eme.
17 Fia la bia be, “Yɔdokpe kae nye ema le afi ma?”
Dua me tɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Nyagblɔɖila si tso Yuda va gblɔ nu si nèwɔ fifia da ɖi be adzɔ ɖe vɔsamlekpui sia dzi le Betel la ƒe yɔdoe!”
18 Ale Fia Yosia gblɔ be, “Migaka asi eŋu o. Migaɖe fu na nyagblɔɖila la ƒe ƒuwo o.” Ale wometɔ dzo eƒe ƒuwo kple nyagblɔɖila si tso Samaria la ƒe ƒuwo o.
19 Yosia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Samarianyigba blibo la dzi. Israel fia vovovowoe tu wo eye wodo dɔmedzoe na Yehowa. Ke azɔ la, Yosia gbã wo wozu ʋuʋudedi abe ale si wòwɔ le Betel ene. 20 Ewu trɔ̃subɔlawo ƒe nunɔlawo ɖe woawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpuiwo dzi eye wòtɔ dzo ameƒuawo ɖe vɔsamlekpuiawo dzi hedo gu wo. Azɔ la etrɔ va Yerusalem.
21 Fia Yosia gblɔ na eƒe amewo azɔ be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖe se siwo Yehowa, woƒe Mawu la na woŋlɔ ɖe Nubabla ƒe Agbalẽ la me la nu. 22 Womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ nenema tso Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli o eye womegaɖui kpɔ nenema le Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe fiaɖuɣiwo katã me o. 23 Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia na Yehowa le Yerusalem le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.
24 Yosia tsi ŋɔliyɔyɔ, adzewɔwɔ kple legbasubɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe nu le Yerusalem kple anyigba blibo la dzi. Ewɔ alea elabena edi be yeawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ si Nunɔla Hilkia fɔ le gbedoxɔ la me la dzi pɛpɛpɛ. 25 Fia bubu aɖeke meganɔ anyi si trɔ ɖe Yehowa gbɔ eye wòwɔ Mose ƒe sewo katã dzi o eye fia siwo kplɔ Yosia ɖo hã dometɔ aɖeke mete ɖe ale si Yosia ɖo to Yehowa la ŋu o.
26 Ke Yehowa ƒe dziku sesẽ si wòdo ɖe Yuda ŋu le Manase ƒe nu vɔ̃wo ta la dzi meɖe o 27 elabena Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ Yuda abe ale si metsrɔ̃ Israel ene eye maɖe asi le Yerusalem, du si metia kple gbedoxɔ si megblɔ be enye tɔnye la ŋu.”
28 Woŋlɔ Fia Yosia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
29 Le ŋkeke mawo me la, Egipte fia Farao Neko ho yi Frat tɔsisi la to be yeakpe ɖe Asiria fia ŋu. Fia Yosia ho yi be yeawɔ aʋa kplii, ke Fia Farao Neko wu Fia Yosia esi wòkpɔe le Megido. 30 Fia Yosia ŋumewo kɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido va Yerusalem eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ tia da ɖi la me. Dukɔa tia Fia Yosia ƒe vi, Yehoahaz si ami nɛ heɖoe fia ɖe fofoa teƒe.
Yehoahaz, Yuda fia
31 Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu. Etso Libna. 32 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoawo hã wɔ ene. 33 Egipte fia, Farao Neko lée de gaxɔ me le Ribla le Hamat ale be magaɖu fia le Yerusalem o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ebla fe si ƒe home nye klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo blaetɔ̃-vɔ-ene la na Yuda. 34 Egipte fia la tia Eliakim, Fia Yosia ƒe viŋutsu bubu be wòaɖu fia le Yerusalem eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ wòzu Yehoyakim. Ekplɔ Fia Yehoahaz yi Egipte, afi si wòku ɖo. 35 Fia Yehoyakim ma ga home si Egipte fia bla na dukɔa la na eteviwo, ame sia ame ɖe eƒe ŋutete nu be wòate ŋu akpɔ ga la axe na Egipte fia.
Yehoyakim, Yuda fia
36 Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Zebida, Pedaya vinyɔnu. Etso Ruma. 37 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoawo wɔ ene.