24
Le Fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu me la, Babilonia fia Nebukadnezar va dze anyigba la dzi eye Yehoyakim va zu etenɔla ƒe etɔ̃. Le esia megbe la, etrɔ susu eye wòdze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu. Yehowa ɖo adzohawo ɖa tso Kaldeatɔwo, Siriatɔwo, Moabtɔwo kple Amonitɔwo dome be woatsrɔ̃ dukɔ la abe ale si Yehowa gblɔe to eƒe Nyagblɔɖilawo dzi be yeawɔ ene. Nu siawo dzɔ ɖe Yuda dzi le Yehowa ƒe ɖoɖo nu ale be yeaɖe wo ɖa le yeƒe ŋkume le Manase ƒe nu vɔ̃ kple nu siwo katã wòwɔ la ta. Nu siawoe nye ʋu maɖifɔwo kɔkɔ ɖi elabena ekɔ ʋu maɖifɔ geɖewo ɖi le Yerusalem eye Yehowa medi be yeatsɔ nu vɔ̃ sia akee o.
Woŋlɔ Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. Esi Yehoyakim ku la, via Yehoyatsin ɖu fia ɖe eteƒe. Egipte fia Farao megatrɔ gbɔ emegbe o elabena Babilonia fia yi ɖanɔ anyigba si Egipte fia gblɔ be enye ye tɔ la dzi. Teƒe siawo nye Yudanyigba blibo la tso Egipte tɔsisi la to yi ɖatɔ Frat tɔsisi la.
Yehoyatsin, Yuda fia
Yehoyatsin xɔ ƒe wuienyi esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadae nye Nehusta, Elnatan ƒe vinyɔnu. Etso Yerusalem Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoa wɔ ene.
10 Esi Yehoyakin nye fia la, Babilonia fia Nebukadnezar ƒe asrafowo ɖe to ɖe Yerusalem. 11 Esi woɖe to ɖe dua vɔ la, Nebukadnezar ŋutɔ va ɖo Yerusalem, 12 eye Yuda fia, Yehoyatsin, viawo, eƒe aɖaŋudelawo, sãmedɔwɔlawo kple fia dada na ta. Nebukadnezar lɔ̃ ɖe tanana la dzi eye wòlé Fia Yehoyatsin yi ɖade gaxɔ me le Babilonia le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enyilia me.
13 Babiloniatɔwo lɔ kesinɔnuwo katã tso gbedoxɔ la kple fiasã la me hekpe ɖe sikagba siwo katã Israel fia, Solomo, da ɖe gbedoxɔ la me ŋu le Yehowa ƒe ɖoɖo nu. 14 Fia Nebukadnezar ɖe aboyo ame akpe ewo (10,000) tso Yerusalem. Fiaŋumewo katã kple asrafo nyuitɔwo kple aɖaŋudɔwɔlawo kple nutala nyuitɔwo hã nɔ aboyomeawo dome. Ale ame siwo menya dɔwɔna aɖeke tututu o la ko wogblẽ ɖe anyigba la dzi. 15 Fia Nebukadnezar kplɔ Fia Yehoyatsin, srɔ̃awo kple eƒe aɖaŋudelawo kple dadaa yi Babilonia. 16 Ekplɔ asrafo nyuitɔ akpe adre (7,000) kpe ɖe aɖaŋudɔwɔla kple nutala akpe ɖeka ŋu. Ame siawo katã nye ame sesẽ siwo ate ŋu awɔ aʋa. 17 Babilonia fia tsɔ Fia Yehoyatsin ƒe nyruiyɔvi, Matania ɖo fiae eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Zedekia.
Zedekia, Yuda fia
18 Zedekia xɔ ƒe blaeve-vɔ-ɖekɛ esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu eye wòtso Libna. 19 Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si Yehoyakim wɔe ene.
20 Yehowa ƒe dziku tae nu siawo katã va Yerusalem kple Yuda dzi ɖo. Eye le nuwuwu la, eɖe wo ɖa le eƒe ŋkuta. Ke azɔ la, Zedekia dze aglã ɖe Babilonia fia ŋuti.