8
Elisa na kpekpeɖeŋu Sunem nyɔnu la
Elisa gblɔ na nyɔnu si ƒe viŋutsu wògbɔ agbee la be, “Kplɔ wò ƒometɔwo eye miayi aɖanɔ teƒe aɖe si miate ŋu anɔ elabena Yehowa ɖe gbe be dɔwuame nava anyigba la dzi eye wòanɔ anyi ƒe adre.” Nyɔnu la wɔ nu si Mawu ƒe ame la gblɔ. Eya kple eƒe ƒometɔwo yi ɖanɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi ƒe adre.
Esi dɔwuame la nu tso la, nyɔnu la gatrɔ va Israelnyigba dzi eye wòva kpɔ fia la be wòagbugbɔ yeƒe aƒe kple anyigba na ye. Fia la nɔ nu ƒom kple Gehazi, Elisa ƒe subɔla, esime nyɔnu la do ɖe fia la ŋkume. Fia la nɔ gbɔgblɔm na Gehazi be, “Gblɔ nya aɖewo nam tso nu gã siwo Elisa wɔ la ŋu.” Gehazi nɔ nu ƒom na fia la tso gbe si gbe Elisa gbɔ agbe ŋutsuvi kuku aɖe la ŋuti. Ɣe ma ɣi tututue ŋutsuvia dada do ɖe fia la ŋkume!
Gehazi gblɔ na fia la be, “Ahã! Nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyɔnu lae nye esia, ame si ƒe viŋutsu ku eye Elisa gbɔ agbee lae nye esia!” Fia la bia nyɔnu la be, “Nyateƒea?”
Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyateƒee!” Ale fia la ɖe gbe na eŋumewo dometɔ ɖeka be wòakpɔ egbɔ be nu sia nu si nye nyɔnu la tɔ kpɔ la naka esi eye be woaxe fe nɛ ɖe nuku siwo woxa le eƒe anyimanɔmanɔ me la nu.
Hazael wu Ben Hadad
Le esia megbe la, Elisa yi Damasko, Siria ƒe fiadu me esime Siria fia, Ben Hadad nɔ dɔ lém le afi ma. Ame aɖe gblɔ na fia la be nyagblɔɖila la va. Egblɔ na Hazael be, “Tsɔ nunana ɖe asi eye nàyi ɖakpɔ Mawu ƒe ame la. Bia gbe Yehowa to Mawu ƒe ame la dzi. Biae be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ”
Hazael yi ɖado go Elisa. Edo agba na kposɔ blaene kple adzɔnu nyuitɔwo tso Damasko. Eyi ɖatsi tsitre ɖe eŋkume hegblɔ be, “Viwò Ben Hadad, Siria fia dɔm ɖa be mabia wò be, ‘Ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?’ ”
10 Elisa ɖo eŋu be, “Gblɔ nɛ be ahaya gake Yehowa ɖee fiam be ele kuku ge godoo!” 11 Elisa lĩ ŋku ɖe Hazael dzi gãa va se ɖe esime Hazael tɔtɔ eye Elisa de asi avifafa me.
12 Hazael biae be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le avi fam?”
Elisa ɖo eŋu be, “Menya nu vɔ̃ɖi siwo nèle wɔwɔ ge Israelviwo; àtɔ dzo woƒe mɔwo, àwu woƒe ɖekakpuiwo, àxlã woƒe vidzĩwo ɖe agakpewo eye àdze ƒodo le woƒe funɔwo nu!”
13 Hazael gblɔ be, “Avue menyea? Nyemawɔ nu ma tɔgbi gbeɖegbeɖe o!”
Ke Elisa ɖo eŋu be, “Yehowa na menya be wòe ava zu fia le Siria.”
14 Esi Hazael trɔ le Elisa gbɔ va yi eƒe aƒetɔ gbɔ la gbɔ la, ebiae be, “Nya kae nyagblɔɖila la gblɔ na wò?” Hazael ɖo eŋu be, “Egblɔ nam be àhaya.” 15 Ke esi ŋu ke la, Hazael tsɔ kundru aɖe de tsi me eye wòtsɔe tsyɔ mo na fia Ben Hadad va se ɖe esime gbɔgbɔtsixe tsi eƒo eye wòku. Ale Hazael zu fia ɖe eteƒe.
Yehoram, Yuda fia
16 Fia Yoram, Yuda fia Yehosafat ƒe vi dze eƒe fiaɖuɖu gɔme le Israel fia, Yehoram, Fia Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe atɔ̃lia me. 17 Yoram xɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia le Yerusalem ƒe enyi. 18 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe Ahab kple Israel fia bubuawo ene. Eɖe Ahab ƒe vinyɔnu eye wòwɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume. 19 Ke esi Yehowa do ŋugbe na eƒe dɔla, Fia David, be yeakpɔ eƒe dzidzimeviwo dzi eye yeakplɔ wo ta la, metsrɔ̃ Yuda o.
20 Le Yoram ƒe fiaɖuɣi la, Edomtɔwo dze aglã, ɖe wo ɖokui ɖa tso Yuda te eye woɖo fia na wo ɖokui. 21 Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖamwo katã ho yi Zair. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe wo kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo. Ke eƒe amewo si yi aƒe. 22 Ale Edom do le Yuda ƒe kɔkuti te va se ɖe egbe. Libna hã dze aglã ɣe ma ɣi tututu.
23 Woŋlɔ Fia Yoram ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe, Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 24 Eku eye woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le David ƒe du la me. Ke Ahazia si nye Via ŋutsuvi ɖu fia ɖe eteƒe.
Ahazia, Yuda fia
25 Yoram ƒe vi, Ahazia zu fia yeye la le Israel fia Yehoram, Ahab ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuievelia me. 26 Ahazia xɔ ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe ɖeka ko le Yerusalem. Dadae nye Atalia, Israel fia, Omri ƒe tɔgbuiyɔvi. 27 Enye fia vɔ̃ɖi aɖe abe ale si Fia Ahab ƒe dzidzimeviwo katã nɔ ene elabena edo ƒome kple Fia Ahab to srɔ̃ɖeɖe me.
28 Ahazia kple Ahab ƒe vi Yoram woho aʋa ɖe Aram fia Hazael ŋu le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me 29 eya ta Fia Yoram gbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo Aramtɔwo de eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu.
Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi la yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.