9
Wosi ami na Yehu wòzu Israel fia
Nyagblɔɖila Elisa yɔ nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nɛ be, “Tsɔ alidziblaka bla wò awu ʋlaya dzi, tsɔ amigoe sia ɖe asi eye nàyi Ramot Gilead. Ne èɖo afi ma la, di Yehu, Yehosafat ƒe vi, Nimsi ƒe vi, yi ɖe egbɔ nàkplɔe dzoe le nɔviawo dome eye nàkplɔe age ɖe xɔ gã mee. Ekema tsɔ amigoe la eye nàkɔ ami la ɖe eƒe tame agblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mesi ami na wò, ɖo wò fiae ɖe Israel dzi.’ Ekema nàʋu ʋɔa eye nàlé du atsɔ, mègatɔ o!”
Nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃la la wɔ nu si wògblɔ nɛ. Esi wòva ɖo Ramot Gilead la, ekpɔ Yehu wònɔ anyi ɖe ehati asrafomegãwo dome. Egblɔ nɛ be, “Nya aɖe le asinye na wò.”
Yehu biae be, “Na mía dometɔ ka?”
Nusrɔ̃la la ɖo eŋu be, “Na wò, Yehu.”
Ale Yehu dzo le ehatiwo dome heyi aƒea me. Nusrɔ̃la la kɔ ami la ɖe tame nɛ eye wògblɔ nɛ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mesi ami na wò eye meɖo wò fiae ɖe Yehowa ƒe dukɔ, Israel nu. Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo eye nàbia nye nyagblɔɖilawo kple ame siwo Yezebel wu la ƒe hlɔ̃. Ele be nàtsrɔ̃ Ahab ƒe ƒometɔwo katã; àtsrɔ̃ ŋutsu ɖe sia ɖe le Israel, ame ka kee wònye hã ele be nàtsrɔ̃e.’ Matsrɔ̃ Ahab ƒe ƒome la abe ale si metsrɔ̃ Yeroboam, Nebat ƒe vi kple Baasa, Ahiya ƒe vi ƒe ƒomewo ene. 10 Avuwo aɖu Ahab srɔ̃, Yezebel le Yezreel eye ame aɖeke maɖii o!” Esia megbe la, nusrɔ̃la la ʋu ʋɔa eye wòsi dzo.
11 Yehu trɔ yi xɔlɔ̃awo gbɔ eye wo dometɔ ɖeka biae be, “Nu ka dim aɖaʋatɔ ma le? Nya kae dzɔ?”
Yehu ɖo eŋu be, “Mienya ame si wònye kple nu si dim wòle la nyuie.”
12 Woɖo eŋu be, “Ao, míenya o, gblɔe na mí.”
“Egblɔ nya si nusrɔ̃la la gblɔ nɛ la na wo eye wòna wonya be woɖo ye fiae ɖe Israel nu!”
13 Enumake wotsɔ woƒe awuwo ɖo ɖe atrakpuiawo dzi, woku kpẽ eye wodo ɣli be, “Yehu zu fia!”
Yehu wu Yehoram kple Ahazia
14 Aleae Yehu, Yehosafat ƒe vi kple Nimsi ƒe tɔgbuiyɔvi dze aglãe ɖe fia Yoram ŋu. (Ke Yoram kple Israel blibo la nɔ ŋudzɔ na Aram fia Hazael le Ramot Gilead. 15 Emegbe Fia Yoram trɔ va Yezreel be woada gbe le abi si Arameatɔwo de eŋu le aʋa la wɔwɔ me kple Aram fia Hazael la nɛ.) Yehu gblɔ na ame siwo nɔ egbɔ la be, “Esi miedi be maɖu fia la, migana ame aɖeke nasi ayi Yezreel aɖagblɔ nu si míewɔ la o.” 16 Yehu ge ɖe tasiaɖam me enumake eye eya ŋutɔ yi Yezreel be yeaɖadi Fia Yoram, ame si xɔ abi eye wòmlɔ afi ma. Yuda fia Ahazia hã va afi ma be yeakpɔ Fia Yoram ɖa.
17 Dzɔla si nɔ Fia Yehoram ƒe gbetakpɔxɔ dzi la kpɔ Yehu kple eƒe amewo gbɔna ɖa eye wòdo ɣli be, “Ame aɖe gbɔna!”
Fia Yehoram ɖe gbe be, “Dɔ sɔdola aɖe ɖa wòakpɔe ɖa be xɔlɔ̃e loo alo futɔe hã.”
18 Ale asrafo aɖe do sɔ yi ɖakpe Yehu hegblɔ nɛ be, “Fia la di be yeanya nenye xɔlɔ̃e nènye loo alo futɔe nènye. Ŋutifafa mee nèva lea?”
Yehu ɖo eŋu be, “Nu ka nènya tso ŋutifafa ŋu? Dze yonyeme.”
Dzɔla la do ɣli gblɔ na fia la be ame dɔdɔ la yi ɖakpee gake mele gbɔgbɔm o.
19 Ale fia la gaɖo sɔdola bubu ɖa. Eyi ɖatu wo eye wògblɔ na wo be, “Ale fia la gblɔe nye esi, ‘Ŋutifafa dzie mielea?’ ”
Yehu ɖo eŋu be, “Ŋutifafanya kae tsɔ gbɔwò? Va, dze yonyeme!”
20 Dzɔla la gado ɣli be, “Eya hã mele gbɔgbɔm o! Yehu kokoko wòanye elabena eƒe tasiaɖam le du ƒum sesĩe.” 21 Fia Yoram ɖe gbe be, “Netsɔ, midzra nye tasiaɖam ɖo nam!” Ale eya kple Yuda fia, Ahazia woyi ɖado go Yehu le Nabɔt ƒe agble me. 22 Fia Yehoram biae be, “Yehu, ŋutifafa dzie nèlea?”
Yehu ɖo eŋu be, “Zi ale si dawò Yezebel ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple adzewɔwɔ gale mía dome kokoko la, aleke ŋutifafa ate ŋu anɔ anyi?”
23 Fia Yoram trɔ eƒe tasiaɖam la kaba eye wòsi dzo yina. Edo ɣli gblɔ na Fia Ahazia be, “Ahazia, nugbeɖoɖoe!”
24 Tete Yehu he eƒe da me kple eƒe ŋusẽ katã eye wòte Yehoram ƒe megbe kpam. Aŋutrɔ la ŋɔe yi ɖatɔ eƒe dzi eye wòmu dze tasiaɖam la me heku. 25 Yehu gblɔ na Bidkar, ame si nye eƒe tasiaɖamkula gã be, “Kɔe eye nàtsɔe aƒu gbe ɖe Yezreeltɔ Nabɔt ƒe agble me. Ɖo ŋku ale si nye kpli wò míenɔ tasiaɖamwo me nɔ fofoa Ahab megbe esi Yehowa ƒe nyagblɔɖi sia va ku ɖe eŋuti be, 26 ‘Etsɔ si va yi la mekpɔ Nabɔt ƒe ʋu kple viawo ƒe ʋu. Yehowae gblɔe eye makpɔ egbɔ be, exɔ tohehe ɖe nu sia ta le anyigba sia dzi. Yehowae gblɔe.’ Eya ta azɔ la kɔe ƒu gbe ɖe anyigba ma dzi le Yehowa ƒe nya la nu.”
27 Esi Yuda fia Ahazia kpɔ nu si va dzɔ la, esi dze Bet Hagan mɔ dzi. Yehu kplɔe ɖo nɔ ɣli dom be, “Miwu eya hã!” Ale wode abi eŋu le eƒe tasiaɖam la me le Gur si te ɖe Ibleam ŋuti la ƒe mɔ dzi, ke ete ŋu si dzo yi Megido afi si wòyi ɖaku ɖo. 28 Eƒe dɔlawo kɔe de tasiaɖam me yi Yerusalem eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ ɖe eƒe yɔdo me le David ƒe du la me. 29 Ahazia ƒe fiaɖuɖu ɖe Yuda dzi dze egɔme le Ahab ƒe vi Yoram ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
Wowu Yezebel
30 Esi Yezebel se be Yehu va Yezreel la, ede ama eƒe aɖaba, dzra eƒe taɖa ɖo nyuie eye wòtsi tsitre ɖe fiasã la ƒe fesre ɖeka to hele mɔtata la dzi kpɔm. 31 Esi Yehu ge ɖe fiasã la me la, Yezebel do ɣli ɖe eta gblɔ be, “Wò, Zimri, wò amewula, nu ka dim nèle le afi sia?”
32 Yehu fɔ kɔ dzi, kpɔ Yezebel le fesre la nu eye wòdo ɣli bia be, “Ame kawoe le dzinye?” Ŋutsu tata eve alo etɔ̃ do mo ɖe fesre la nu kpɔe ɖo ɖa. 33 Yehu gblɔ na wo be, “Midae ɖo ɖe anyigba!” Ale woda Yezebel to fesre la to wòge va dze anyigba. Eƒe ʋu hlẽ ɖe gli la kple sɔwo ŋu, Yehu do eƒe tasiaɖam kple sɔwo, zɔ eƒe ŋutilã kukua dzi.
34 Ege ɖe fiasã la me heɖu nu eye wòno nu le afi ma. Le esia megbe la, egblɔ be, “Ame aɖe nayi aɖaɖi nyɔnu fiƒodeme sia elabena fia vinyɔnue.” 35 Esi woyi be yewoaɖii la, eƒe taƒu kple eƒe afɔwo kple eƒe asiwo ko wokpɔ. 36 Esi wotrɔ gbɔ va gblɔ nu siwo wokpɔ na Yehu la, egblɔ be, “Nu si tututu Yehowa gblɔ lae va eme! Egblɔ na Nyagblɔɖila Eliya be avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel 37 eye eƒe ŋutilã akaka ɖe anyigba abe ale si wokakaa aɖu ɖe agble me ene, ale be ame aɖeke mate ŋu agblɔ be Yezebel ƒe ŋutilãe nye esia o.”