Nyanyui la abe ale si
Marko
ŋlɔe ene
1
Yohanes ɖe gbeƒã Kristo la
(Mateo 3:1-12; Luka 3:1-9; 3:15-17; Yohanes 1:19-28)
Yesu Kristo, si nye Mawu ƒe Vi la, ƒe nyanyui la ƒe gɔmedzedzee nye esi. Abe ale si woŋlɔe ɖi le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ me ene be,
“Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be
wòadzra wò mɔ la ɖo,
ame si ƒe gbe le ɖiɖim le gbea dzi be,
‘Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo,
miwɔ eƒe mɔtatawo woanɔ dzɔdzɔe nɛ.’ ”
Yohanes Mawutsidetanamelae nye dɔla sia. Enɔ gbedzi, eye wònɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo. Ame geɖe ŋutɔ tso Yerusalem kple Yudea nutowo me yi gbea dzi be yewoakpɔ Yohanes, eye yewoase gbedeasi si wòtsɔ vɛ la. Esi ame siawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me nɛ vɔ la, ede mawutsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me. Wotɔ awu si Yohanes do la kple kposɔfu, eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka bla awua dzii. Eƒe nuɖuɖu koe nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi.
Egblɔ na eƒe nyaselawo be, “Ame aɖe gbɔna kpuie, si de ŋgɔ wum sãa, nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokotaŋuka gɔ̃ hã o. Nye la, tsi ko metsɔ de mawutsi ta na mi, gake eya adee na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la!”
Yohanes de mawutsi ta na Yesu
(Mateo 3:13-17; Luka 3:21-22)
Ɣe ma ɣi la, Yesu tso Nazaret le Galilea va Yohanes gbɔ, eye Yohanes de mawutsi ta nɛ le Yɔdan tɔsisi la me. 10 Esi Yesu nɔ dodom tso tsia me la, ekpɔ be dziƒowo nu ʋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me la nɔ ɖiɖim ɖe edzi. 11 Gbe aɖe hã ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.”
Abosam te Yesu kpɔ
(Mateo 4:1-11; Luka 4:1-13)
12 Enumake Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do dui wòyi gbedzi. 13 Enɔ gbea dzi ŋkeke blaene, eye Satan va tee kpɔ. Enɔ lã wɔadãwo dome, eye mawudɔlawo va do ŋusẽe to subɔsubɔ me.
Dɔ la ƒe gɔmedzedze le Galilea
(Mateo 4:12-17; Luka 4:14-15)
14 Esi Fia Herod lé Yohanes de gaxɔ me vɔ megbe la, Yesu yi Galilea be yeagblɔ Mawu ƒe nyanyui la.
15 Eɖe gbeƒã be, “Ɣeyiɣi la de azɔ! mawufiaɖuƒe la gogo! Mitrɔ dzi me ne mianɔ agbe ɖe nyanyui la ƒe ɖoɖowo nu.”
Yesu yɔ nusrɔ̃la gbãtɔ eneawo
(Mateo 4:18-22; Luka 5:1-11)
16 Gbe ɖeka esi Yesu ɖi tsa to Galilea ƒuta va yina la, ekpɔ Simɔn kple nɔvia Andrea wonɔ asabu dam ɖe ƒua me, elabena ɖɔkplɔlawo wonye.
17 Yesu yɔ wo hegblɔ na wo be, “Miva dze yonyeme ne mawɔ mi miazu amewo ɖelawo.” 18 Enumake wogblẽ woƒe asabu ɖi hedze eyome. 19 Esi wozɔ ƒuta la yina sẽe la, Yesu gakpɔ Zebedeo ƒe viŋutsuwo, Yakobo kple nɔvia Yohanes hã wonɔ ʋu me nɔ woƒe ɖɔwo sam. 20 Eyɔ woawo hã be woadze ye yome, ale wogblẽ wo fofo Zebedeo kple ɖɔkplɔlawo ɖe ʋua me hedze Yesu yome enumake.
Yesu yɔ dɔ ŋutsu gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe
(Luka 4:31-37)
21 Yesu kple ame siwo nɔ eŋu la va ɖo Kapernaum, eye woyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi. Yesu fia nu amewo le afi ma. 22 Ame siwo nɔ ƒuƒoƒea la ƒe mo wɔ yaa le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, elabena efia nu wo kple kakaɖedzi blibo. Le nyateƒe me la, ale si wòfia nui la to vovo sãa tso ale si woƒe agbalẽfialawo fianɛ la gbɔ.
23 Ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ la hã nɔ ƒuƒoƒe la gbe ma gbe. Ame sia de asi ɣlidodo me be, 24 “Yesu Nazaretitɔ, nu ka ta nèle fu ɖem na mí ɖo? Ɖe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si nènye, wòe nye Mawu ƒe Vi Kɔkɔetɔ la.”
25 Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme.” 26 Le Yesu ƒe gbeɖeɖea nu la, gbɔgbɔ vɔ̃ la do ɣli sesĩe, tsɔ amea xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye wòdo go le eme.
27 Nuwɔna sia wɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔ, eye woƒo nu le eŋu. Wobia wo nɔewo bena, nufiafia yeye kae nye esia? Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ vɔ̃wo eye woɖoa toe.
28 Nu si Yesu wɔ la na be eƒe ŋkɔ ɖi hoo le Galilea nutowo katã me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe.
Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu
(Mateo 8:14-17; Luka 4:38-41)
29 Yesu kple eŋutimeawo do go le ƒuƒoƒe la, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe wo ŋu eye woyi Simɔn kple Andrea ƒe aƒe me, 30 Ŋudza lé Simɔn lɔ̃xo, eye wònɔ dɔba dzi hafi wode, ale wogblɔe na Yesu. 31 Yesu yi dɔnɔ la ƒe aba gbɔ, elé eƒe alɔnu, eye wònɔ alinu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme.
32 Esi ɣe nɔ to ɖom la, wokplɔ dɔléla vovovowo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la va egbɔ le aƒe si me wònɔ la be wòada gbe le wo ŋu. 33 Kapernaum du blibo la katã kloe va ƒo ƒu ɖe ʋɔtrua nu be yewoakpɔ nu. 34 Yesu da gbe le dɔléla geɖewo ŋu, eye wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le ame aɖewo me fiẽ ma. Meɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃awo be woaƒo nu o, elabena wonya ame si wònye.
Mawunyagbɔgblɔ le duwo me
(Luka 4:42-44)
35 Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go, eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa. 36 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii. 37 Esi wokpɔe la, wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ameha la le diwòm.”
38 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele be míayi du bubuwo hã me be magblɔ nyanyui la na woawo hã, elabena esia ta meva ɖo.” 39 Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutowo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã.
Yesu da gbe le anyidzela aɖe ŋu
(Mateo 8:1-4; Luka 5:12-16)
40 Gbe ɖeka la, anyidzela aɖe va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme, eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ na Yesu be, “Ne èlɔ̃ la, na ŋutinye nakɔ.”
41 Anyidzela la ƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta wòka asi eŋu hegblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” 42 Enumake anyidzela la ƒe lãme sẽ.
43 Yesu dɔe enumake kple sedede vevi sia be, 44 “Kpɔ egbɔ be mègblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò afia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.” 45 Gake esi ŋutsu la dzo yina la, eɖe gbeƒã eƒe lãmesẽkpɔkpɔ la na amewo le mɔa dzi. Le esia ta ameha gã aɖe nye zi ɖe Yesu dzi, ale be megate ŋu yi du aɖeke me o, ke boŋ etsi gbea dzi. Ke le afi sia hã la, amewo tso teƒeteƒewo va egbɔ.