2
Yesu da gbe le lãmetututɔ aɖe ŋu
(Mateo 9:1-8; Luka 5:17-26)
Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yesu gatrɔ yi Kapernaum. Esi wòɖo afi ma la, eƒe ŋkɔ ɖi hoo le du blibo la me le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Medidi kura hafi aƒe si me wònɔ la yɔ fũu kple amewo o. Aƒea me yɔ ale gbegbe be nɔƒe aɖeke meganɔ ʋɔtrua nu hã o. Yesu de asi mawunyagbɔgblɔ me na ameha la. Sẽe la, ŋutsu ene aɖewo kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi gbɔna Yesu gbɔe. Ke le amewo ƒe agbɔsɔsɔ ta la, womete ŋu ɖo egbɔ o. Le esia ta woyi ɖaɖe do ɖe xɔ si me Yesu nɔ la tame, heɖiɖi dɔnɔ la kple eƒe aba ɖe ekɔme.
Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!”
Ke Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo nɔ afi ma la gblɔ le woƒe dzi me be, “Nu ka! Ame sia gblɔ busunya! Ɖe wòbu be Mawue yenyea? Menya be Mawu ɖeka hɔ̃ɔ koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake oa?”
Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea? Kae bɔbɔ wu, be woagblɔ na lãmetututɔ la be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò loo alo woagblɔ nɛ be, “Tso, kɔ wò aba ne nàzɔ azɔli?” ’ 10 Be miadze sii be wona ŋusẽ Amegbetɔ Vi la be wòatsɔ nu vɔ̃ ake le anyigba dzi.” Egblɔ na lãmetututɔ la be, 11 “Mele egblɔm na wò be tsi tre! Ŋlɔ wò aba nàyi aƒe me!”
12 Ŋutsu la tso enumake, kɔ eƒe aba, eye wòzɔ to ameawo dome dzo. Ameawo katã ƒe nu ku. Wokafu Mawu, eye wogblɔ be, “Míekpɔ naneke teƒe alea kpɔ o!”
Yesu yɔ Mateo
(Mateo 9:9-13; Luka 5:7-32)
13 Yesu gado go yi ƒuta, eye wòfia nu ameha si kplɔe ɖo la. 14 Esi wòzɔ yina la, eva ke ɖe Levi, Alfeo ƒe vi ŋu wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme.” Levi tso enumake, eye wòdze Yesu yome.
15 Le fiẽ me la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome. 16 Agbalẽfiala siwo tso Farisitɔwo dome la kpɔ Yesu wònɔ nu ɖum kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, ale wobia eƒe nusrɔ̃lawo fewuɖutɔe be, “Nu ka ta miaƒe Aƒetɔ le nu ɖum kple nu vɔ̃ wɔla kple dugadzɔla siawo ɖo?”
17 Yesu se nya siwo gblɔm wonɔ la, ale wògblɔ na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe. Menye ame dzɔdzɔewo ta meva ɖo o, ke boŋ nu vɔ̃ wɔlawo ta, be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ.”
Yesu ƒo nu le nutsitsidɔ ŋu
(Mateo 9:14-17; Luka 5:33-39)
18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ɖo.
19 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃wo natsi nu adɔ, agbe nuɖuɖu le eƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋua? Gbeɖe, zi ale si ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ ko la, womatsi nu adɔ o 20 Gake ŋkeke aɖe li gbɔna, esi wole ŋugbetɔsrɔ̃ la kplɔ ge le wo gbɔ, ale woatsi nu adɔ.
21 “Menyo be woatsɔ avɔnuɖeɖi yeye aka avɔ vuvu o, elabena ne wowɔe alea la, avɔ yeye la aho ɖa le teƒe la, eye teƒe si vuvu la alolo ɖe edzi wu. 22 Womekɔa aha yeye hã ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o, elabena ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo la nawó, eye aha la kple lãgbalẽgolo la katã dome agblẽ. Lãgbalẽgolo yeye mee wòle be woakɔ aha yeye ɖo.”
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋe bli le Sabat dzi
(Mateo 12:1-8; Luka 6:1-5)
23 Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖe me yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo heɖu. 24 Farisitɔ aɖewo kpɔ wo, eye wobia Yesu be, “Nu ka ta wole nu si mele se nu o la wɔm le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖo?”
25 Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa? 26 Esi Abiata nye nunɔlagã la, David yi ɖe Mawu ƒe aƒe la me eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye eya kple etɔwo mae heɖu, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o, negbe nunɔlawo ko.”
27 Egblɔ yi edzi be, “Dzudzɔgbe ŋkekea la, ɖe woɖoe anyi be wòaɖe vi na ame, menye be ame nazu kluvi na Dzudzɔgbe ŋkeke la o. 28 Gawu la, ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi.”