11
Yehowa tsri nudanu amebatɔ,
ke nudakpe si de blibo la nye eƒe dzidzɔ.
 
Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu,
ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ.
 
Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo,
ke nuteƒemawɔlawo la,
woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo.
 
Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe,
ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me.
 
Ame maɖifɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ dzɔdzɔe ɖe wo ŋgɔ,
ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔ̃wɔwɔ hea wo ƒua anyi.
 
Ame dzɔdzɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea wo,
ke didi vlowo zua mɔ ɖea nuteƒemawɔlawo.
 
Ne ame vɔ̃ɖi ku la,
eƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃na,
nu siwo katã wòle mɔ kpɔm na tso
eƒe ŋusẽ me la zua tofloko.
 
Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me
eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ.
 
Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu gblẽa ehavi domee,
ke woɖea ame dzɔdzɔe la to sidzedze me.
 
10 Ne nu dze edzi na ame dzɔdzɔe la,
du blibo kpɔa dzidzɔ,
ke ne ame vɔ̃ɖi tsrɔ̃ la,
wodoa dzidzɔɣli.
 
11 To dzɔdzɔetɔ ƒe yayra dzi wodoa du ɖe dzi,
ke wotsrɔ̃nɛ to ame vɔ̃ɖi ƒe nu dzi.
 
12 Ame manyanu doa vlo ehavi,
ke ŋutsu nugɔmesela léa eƒe aɖe.
 
13 Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla,
ke ame ɖɔʋu ɣlaa nya.
 
14 Dukɔ aɖe dzea anyi, ne mɔfiala meli o,
ke dziɖuɖu vana to aɖaŋuɖola geɖewo dzi.
 
15 Ame si de megbe na ame bubu la akpe fu,
ke ame si gbe akpesisi abe ŋugbedodo ƒe dzesi ene la anɔ dedie.
 
16 Wodea bubu nyɔnu dɔmenyotɔ ŋu,
ke ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.
 
17 Ŋuistu dɔmenyotɔ wɔa nyui na eɖokui,
gake ŋutsu ŋutasẽla hea hiã vaa eɖokui dzii.
 
18 Woxea fetu si me beble le la na ame vɔ̃ɖi,
ke ame si ƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku la axa nu geɖe.
 
19 Ame si nye dzɔdzɔetɔ vavã la, akpɔ agbe,
ke ame si ti nu vɔ̃ɖi yome la yia eƒe ku me.
 
20 Yehowa tsri ame siwo ƒe dzi daa alakpa,
ke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe mɔwo ŋu o la ƒe nu nyoa eŋu.
 
21 Maka ɖe esia dzi na mi be,
womagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi la o,
ke woana ablɔɖe ame dzɔdzɔewo.
 
22 Abe ale si sikaŋɔtigɛ nɔa ha ƒe ŋɔtimee ene la,
nenema kee nye nyɔnu dzetugbe si meɖoa ŋu ɖo o.
 
23 Ame dzɔdzɔewo ƒe didiwo vaa eme na wo nyuie,
ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ wua nu le dziku me.
 
24 Ame ɖeka naa nu faa
gake egakpɔa geɖe ɖe edzi,
ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu
gake ahe ko wòdana.
 
25 Nu adze dzi na ame si na nu faa,
ame si na amewo ƒe dzi dze eme la,
woana eya ŋutɔ hã ƒe dzi nadze eme.
 
26 Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee
gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi.
 
27 Ame si ti nyui yome la, amewo adi nyui nɛ
gake vɔ̃ vana na ame si le vɔ̃ dim.
 
28 Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la
adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene.
 
29 Ame si he dzɔgbevɔ̃e va eƒe ƒome dzi la,
ya anye eƒe domenyinu
eye bometsila anye subɔla na nunyala.
 
30 Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye agbeti,
eye ame si ɖea luʋɔwo la, nunyalae.
 
31 Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la,
ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo!