12
Ame si lɔ̃ amehehe la lɔ̃a sidzedze,
ke ame si lé fu mokaname la, bometsilae.
 
Yehowa vea ame nyui la nu,
ke ebua fɔ ayemenuwɔla ya.
 
Womatsɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi aɖo ame gɔme anyii o
gake womate ŋu aho ame dzɔdzɔe ya o.
 
Srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ nye fiakuku na srɔ̃ŋutsua,
ke srɔ̃nyɔnu ŋukpenanuwɔla nye ŋuɖui le ƒu tome na srɔ̃a.
 
Ame dzɔdzɔe ƒe ɖoɖowo toa mɔ ɖeka,
ke ame vɔ̃ɖi ƒe aɖaŋuɖoɖo nye beble.
 
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nyawo le lalam na ʋu
gake dzɔdzɔetɔwo ƒe nuƒoƒo ɖea wo.
 
Wotutua ame vɔ̃ɖiwo ƒua anyi eye womeganɔa anyi o,
ke ame dzɔdzɔe ƒe aƒe lia ke ɖaa.
 
Wokafua ame le nunya si le esi la ta,
ke wodoa vlo ŋutsu tagbɔ kuku tɔwo.
 
Enyo be nànye ame tsɛ aɖe ko eye subɔla nanɔ asiwò,
wu be nàwɔ ɖokuiwò amegãe eye nuɖuɖu manɔ asiwò o.
 
10 Ame dzɔdzɔe léa be na eƒe lãwo
ke dɔmenyo siwo ame vɔ̃ɖiwo ya wɔna la nye ŋutasesẽ.
 
11 Ame si ŋlɔ eƒe agble la akpɔ nuɖuɖu geɖe,
ke ame si kplɔa blezibledi ɖo la, numanyalae.
 
12 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu siwo woha la le ŋutasẽlawo dzrom,
ke ame dzɔdzɔewo ƒe ke ƒona ɖe to sesĩe.
 
13 Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vlo ƒoƒo zua mɔ ɖenɛ,
ke ame dzɔdzɔe dona le fu me.
 
14 Ame ƒe nu ƒe kutsetse hea nu nyuiwo vɛ nɛ taŋtaŋtaŋ,
eye enye nyateƒe be dɔ si ame tsɔ eƒe asi wɔ lae hea viɖe vɛ nɛ.
 
15 Bometsila ƒe mɔ dzɔna le eya ŋutɔ ƒe ŋkume,
ke ame dzɔdzɔe xɔa aɖaŋuɖoɖo.
 
16 Bometsila ɖea eƒe dziku fiana zi ɖeka,
ke nunyala doa toku dzudzu.
 
17 Ɖasefo nyateƒetɔ gblɔa nya si le eteƒe le ʋɔnu,
ke aʋatsoɖasefo daa alakpa le ʋɔnu.
 
18 Nya vlowo ƒona ɖe ame abe yi ene,
ke ame dzɔdzɔe ƒe aɖe hea dɔyɔyɔ vɛ.
 
19 Nyateƒenuyiwo nɔa anyi ɖikaa,
ke alakpaɖe nu mesena yina o.
 
20 Beble le ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la ƒe dzi me,
ke dzidzɔ nɔa ame siwo hea ŋutifafa vɛ la ƒe dzi me.
 
21 Dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe ame dzɔdzɔe dzi o,
ke ame vɔ̃ɖiwo la, xaxa yɔa wo me fũu.
 
22 Yehowa lé fu alakpanuyiwo,
ke ekpɔa dzidzɔ ɖe ame siwo toa nyateƒe la ŋu.
 
23 Nunyala mekɔa nu le sidzedze si su esi la dzi o,
ke bometsilawo ƒe dzi ɖea gbeƒã woƒe bometsitsi.
 
24 Asi si doa vevi nu la aɖu fia,
ke kuviawɔwɔ kplɔa ame ɖona ɖe dɔ sesẽ me.
 
25 Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi,
ke amenuvenya dea dzi ƒo na ame.
 
26 Ame dzɔdzɔe ɖoa ŋu ɖo le xɔlɔ̃wɔwɔ me,
ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ kplɔa wo tranae.
 
27 Kuviatɔ memea eƒe adelã o,
ke nunyala léa be na eƒe nunɔamesiwo.
 
28 Agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ me,
makumaku le mɔ ma dzi.