14
Nyɔnu nyanu tua eya ŋutɔ ƒe xɔ,
ke nyɔnu bometsila ya tsɔa eya ŋutɔ
ƒe asi vuvua xɔ si wòtu la kɔna ɖe anyi.
 
Ame si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la vɔ̃a Yehowa,
ke ame siwo ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ la doa vloe.
 
Bometsila ƒe nuƒo nana ameƒoti dzea eƒe dzimegbe,
ke nunyala ƒe nuyi kpɔa eta.
 
Ne nyiwo meli o la, nyikpo me ɖia gbɔlo,
ke woxaa nuku geɖe to nyitsu ƒe ŋusẽ me.
 
Ɖasefo nyateƒetɔ meblea ame o,
ke aʋatsoɖasefo ya trɔa alakpa kɔna ɖi glẽglẽglẽ.
 
Fewuɖula dia nunya gake mekpɔa ɖeke o,
ke gɔmesese vana na ame si si sidzedze le la bɔbɔe.
 
Te ɖa le bometsila gbɔ
elabena màkpɔ gɔmesese le eƒe nu me o.
 
Ayedzelawo ƒe nunyae nye be woabu ta me le woƒe mɔwo ŋu,
ke bometsilawo ƒe bometsitsie nye alakpa.
 
Bometsilawo le alɔme ɖem le nuvɔ̃ŋutivɔsa ŋuti,
ke ŋudzedzekpɔkpɔ le dzɔdzɔetɔwo dome.
 
10 Dzi ɖe sia ɖe nya eya ŋutɔ ƒe vevesese
eye ame aɖeke hã mate ŋu ama eƒe dzidzɔ kplii o.
 
11 Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe,
ke ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ anɔ anyi ɖaa.
 
12 Mɔ aɖe li, si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume,
ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.
 
13 Le nukoko gɔ̃ hã me la,
dzi ase veve eye dzidzɔkpɔkpɔ awu nu le nuxaxa me.
 
14 Woaxe fe na tosẽlawo le woƒe mɔwo ta
eye nenema ke ame nyui hã axɔ eƒe fetu.
 
15 Susu wodzoetɔ xɔa nya sia nya dzi sena,
ke nunyala dea ŋugble le eƒe afɔɖeɖewo ŋuti.
 
16 Nunyala léa fu vɔ̃ eye wòvɔa Yehowa,
ke bometsila doa dziku kabakaba eye wòwɔa nu dzimagbɔɖitɔe.
 
17 Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la wɔa bometsinuwo
eye wòléa fu ayedzela.
 
18 Susu wodzoetɔwo ƒe domenyinue nye bometsitsi,
ke wotsɔa sidzedze ɖɔna na nunyalawo.
 
19 Ame vɔ̃ɖiwo adze klo ɖe ame nyuiwo ŋkume
eye nenema ke nu tovo wɔlawo awɔ le ame dzɔdzɔewo ƒe agbonu.
 
20 Ame dahewo ƒe aƒelikawo ke hã ƒoa asa na wo,
ke xɔlɔ̃ geɖe nɔa kesinɔtɔwo si.
 
21 Ame si do vlo ehavi la wɔ nu vɔ̃,
ke woayra ame si nyo dɔ me na hiãtɔ.
 
22 Ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi la traa mɔ
ke ame siwo wɔa ɖoɖo ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu la xɔa lɔlɔ̃
kple nuteƒewɔwɔ ƒe teƒeɖoɖo.
 
23 Kutrikuku ɖe dɔwɔna ŋu hea viɖe vɛ,
ke nukpoloeƒoƒo ɖeɖe hea ame yia ahedada mee.
 
24 Nunyalawo ƒe kesinɔnue nye woƒe fiakuku,
gake bometsilawo ƒe bometsinuwɔwɔ hea bometsitsi vanɛ.
 
25 Ɖasefo nyateƒetɔ ɖea ame geɖewo ƒe agbe,
ke aʋatsoɖasefo nye ameblela.
 
26 Ame si vɔ̃a Yehowa la,
mɔ sesẽ aɖe le esi eye wòanye bebeƒe na viawo.
 
27 Yehowa vɔvɔ̃e nye agbe ƒe vudo
eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me.
 
28 Ame xexlẽme gbogbo nye fia ƒe ŋutikɔkɔe,
ke ne amewo mele du aɖe me o la,
gbegblẽ vaa dumegã dzi.
 
29 Sidzedze gã aɖe sua ŋutsu dzigbɔɖitɔ si,
ke ŋutsu si doa dziku kabakaba la,
ɖea eƒe bometsitsi fiana.
 
30 Dzi si me ŋutifafa le la nana agbe ŋutilã
gake ŋubiã nana ƒuwo ƒaƒãna.
 
31 Ame si tea ame dahewo ɖe anyi la doa vlo wo Wɔla,
ke ame si nyoa dɔ me na hiãtɔ la dea bubu Mawu ŋuti.
 
32 Ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, ame vɔ̃ɖiwo yia to,
ke le ku me ke hã la, ame dzɔdzɔewo kpɔa sitsoƒe.
 
33 Ame si si sidzedze su la, nunya tsoa aƒe ɖe eƒe dzi me,
eye le bometsilawo dome gɔ̃ hã la, enana wodzea si ame si ƒomevi wònye.
 
34 Dzɔdzɔenyenye doa dukɔ ɖe dzi,
ke nu vɔ̃ nye ŋukpe na dukɔmeviwo.
 
35 Dɔla nyanu ƒe nu nyoa fia ŋu,
ke eƒe dɔmedzoe vaa dɔla ŋukpenanuwɔla dzi.