13
Vi nyanu ɖoa to fofoa ƒe amehehe,
ke fewuɖula metsɔa ɖeke le mokaname me o.
 
Ame ƒe nu ƒe kutsetsee wòtsɔna ɖua nu nyuiwoe,
ke nuteƒemawɔlawo ƒe dzi tsi dzi ɖe nu vlo wɔwɔ ŋuti.
 
Ame si dzɔa eƒe nuyiwo ŋuti la dzɔa eƒe agbe ŋuti,
ke ame si kea nu kabakaba la atsrɔ̃.
 
Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o,
ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.
 
Ame dzɔdzɔe léa fu alakpanya,
ke ame vɔ̃ɖiwo ya hea ŋukpe kple vlododo vɛ.
 
Dzɔdzɔenyenye dzɔa ŋutsu fɔmaɖila ƒe agbe ŋuti,
ke vɔ̃ɖivɔ̃ɖi léa nu vɔ̃ wɔla ƒua anyi.
 
Ame aɖe wɔna abe kesinɔtɔe wònye ene, evɔ naneke mele esi o,
ame bubu wɔa eɖokui ame dahee, evɔ kesinɔnu geɖe le esi.
 
Ame ƒe kesinɔnuwo ate ŋu aƒle eƒe agbe ta
gake ame dahe mesea ŋɔdzidoname aɖeke o.
 
Ame dzɔdzɔe ƒe kekeli klẽna nyuie,
ke wotsia ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi.
 
10 Dzre sɔŋ ko dada hena vɛ,
ke nunya tsoa aƒe ɖe ame siwo sea aɖaŋu la gbɔ.
 
11 Ga si wokpɔ to mɔ fitifiti dzi la nu va yina,
ke ame si dia ga vivivi la wɔnɛ be wòdzina ɖe edzi.
 
12 Mɔkpɔkpɔ si woɖe ɖa la nana dzi léa dɔ,
ke didi si va eme la nye agbeti.
 
13 Ame si doa vlo amehehe la xɔa eŋufetu,
ke ame si ɖoa to sedede la xɔa eteƒeɖoɖo.
 
14 Nunyala ƒe nufiafia nye agbevudo,
eye wòɖea ame tso ku ƒe mɔkawo me.
 
15 Gɔmesese nyui hea amenuveve vanɛ,
ke nuteƒemawɔlawo ƒe mɔ dzi sesẽna.
 
16 Nunyala ɖe sia ɖe wɔa nu kple gɔmesese,
ke bometsila ɖea eƒe bometsitsi fiana.
 
17 Dɔtsɔla vɔ̃ɖi gena ɖe dzɔgbevɔ̃e me,
ke dɔtsɔla si wɔa nuteƒe la hea dɔyɔyɔ vanɛ.
 
18 Ame si do toku amehehe la,
ahedada kple ŋukpe vaa edzi,
ke wodea bubu ame si lɔ̃a mokaname ŋuti.
 
19 Didi si vaa eme la vivina na luʋɔ,
ke vɔ̃tsitsri nye ŋunyɔ na bometsilawo.
 
20 Ame si zɔna kple nunyala la, dzea nunya,
ke ame si dzea xɔ̃ bometsilawo la
gena ɖe fuwɔame me.
 
21 Dzɔgbevɔ̃e tia vɔ̃wɔla yome
gake dzɔgbenyui nye ame dzɔdzɔe ƒe fetu.
 
22 Ame nyui gblẽa domenyinu ɖi na via ƒe viwo,
ke woɖoa ame vɔ̃ɖi ƒe kesinɔnuwo ɖi na ame dzɔdzɔewo.
 
23 Ame dahe ƒe agble wɔa nuku geɖe,
ke amebaba kplɔnɛ dzonae.
 
24 Ame si vea nu le ameƒoti gbɔ la léa fu via,
ke ame si lɔ̃a via la kpɔa egbɔ be yehee nyuie.
 
25 Ame dzɔdzɔe ɖua nu ɖia ƒo,
ke dɔ wua ame vɔ̃ɖi ya.