20
Wain nye fewuɖula eye aha muame nye avuwɔla,
ame si wokplɔ trae la menya nu o.
 
Fia ƒe dziku doa vɔvɔ̃ abe dzata ƒe gbetete ene
ame si do dziku nɛ la bua eƒe agbe.
 
Bubu wònye na ŋutsu ne eƒo asa na dzre
gake bometsila ɖe sia ɖe wɔa dzre kabakaba.
 
Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o,
eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe.
 
Ŋutsu ƒe tameɖoɖowo nye tɔ goglo,
gake ame si si nugɔmesese su la akui wòavɔ.
 
Ŋutsu geɖewo gblɔna be lɔlɔ̃ matrɔ le yewo si
gake ame ka ate ŋu akpɔ ŋutsu nuteƒewɔla?
 
Ame dzɔdzɔe nɔa agbe si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o;
yayra anɔ viawo dzi emegbe gɔ̃ hã.
 
Ne fia nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi be yeadrɔ̃ ʋɔnu la,
eɖe vɔ̃wo katã ɖa kple eƒe ŋkuwo.
 
Ame ka ate ŋu agblɔ bena,
“Mewɔ nye dzi dzadzɛe,
ŋutinye kɔ eye vɔ̃ mele ŋutinye o?”
 
10 Yehowa lé fu nudakpe vovovo eve
kple nudzidzenu vovovo eve siaa.
 
11 Wonyaa ɖevi gɔ̃ hã to eƒe nuwɔna me,
ne ele agbe dzadzɛ eye eƒe nuwɔnawo le eteƒe.
 
12 Yehowa wɔ to si sea nu
kple ŋku si kpɔa nu la siaa.
 
13 Mègalɔ̃ alɔ̃ tsu dɔdɔ o, ne menye nenema o la,
àva zu hiãtɔ, nɔ ŋu ekema àɖu nu wòasusɔ.
 
14 Nuƒlela gblɔna be,
“Menyo o, menyo o,”
emegbe la, eyina ɖanɔa adegbe ƒom be yeƒle nu ɖiɖi.
 
15 Sika li, adzagba hã li fũu
gake nuyi siwo gblɔa nunyanya la, kpe xɔasi veviwo wonye.
 
16 Xɔ avɔ le ame si da megbe na amedzro la si,
tsɔe ɖo awɔbae ne eda megbe na nyɔnu gbolowɔla.
 
17 Nuɖuɖu si wokpɔ to amefuflu me la vivina na ŋutsu,
gake le nuwuwu la, eƒe nu me yɔna kple kpekui sɔŋ.
 
18 Wɔ ɖoɖo to aɖaŋuxɔxɔ me,
ne èle aʋa wɔm la, bia mɔfiame.
 
19 Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla
eya ta ƒo asa na ŋutsu nukpoloeƒola.
 
20 Ne ŋutsu do ɖiŋu na fofoa alo dadaa la,
woatsi eƒe akaɖi ne ele viviti tsiɖitsiɖi me.
 
21 Domenyinu si wokpɔ to mɔ kpui dzi le gɔmedzedzea me la,
yayra manɔ edzi le nuwuwua o.
 
22 Mègagblɔ be,
“Maɖo vɔ̃ si nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò” o!
Kpɔ Yehowa ƒe asinu ekema aɖe wò.
 
23 Yehowa lé fu nudakpe ƒomevi vovovowo
eye nudanu amebatɔ hã menyoa Yehowa ŋu o.
 
24 Yehowa fiaa afɔɖeɖe ame,
ke aleke ame aɖe awɔ ase eya ŋutɔ ƒe mɔwo gɔme?
 
25 Mɔ wònye na ame ne ekɔ nane ŋu tamemabumabutɔe
eye emegbe hafi wòva bu adzɔgbe si wòɖe la ŋuti.
 
26 Fia nyanu gbɔa ame vɔ̃ɖiwo
eye wòzɔa wo dzi kple luƒotasiaɖam.
 
27 Yehowa ƒe akaɖi kpɔa ame ƒe gbɔgbɔ me
eye wòdzroa eƒe ememe ke kpɔ.
 
28 Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ nana fia nɔa dedinɔnɔ me
eye to lɔlɔ̃ me eƒe fiazikpui lia ke.
 
29 Ɖekakpuiwo ƒe ŋusẽe nye woƒe ŋutikɔkɔe
eye ta ƒowɔ nye ame tsitsiwo ƒe atsyɔ̃.
 
30 Kɔ kple abixɔxɔ ɖea vɔ̃ ɖa
eye ƒoƒo klɔa ame ƒe ememe ke.