21
Fia la ƒe dzi le Yehowa ƒe asi me;
efiaa mɔe wòtoa afi sia afi si wòlɔ̃ la
abe ale si woɖea toƒe na tsi si si tso tsidzɔtsoƒe ene.
 
Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzea eŋu
gake Yehowae daa dziwo kpɔ.
 
Nu dzɔdzɔe kple nu si
le eteƒe wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa wu vɔsa.
 
Ŋku gã kple dzi si me dada
le lae nye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi,
evɔ wòhenye nu vɔ̃.
 
Vevidonula ƒe ɖoɖoɖowo hea viɖe vɛ
nenema kee dzitsitsi hea ahedada vɛ.
 
Kesinɔnu si wotsɔ alakpaɖe kpɔe la nu va yina kaba
abe ƒuƒu ene eye wònye mɔ si ŋu aɖi vɔ̃ɖi le.
 
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ahe wo adzoe
elabena wogbe be yewomawɔ nu nyui o.
 
Fɔɖila ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃
gake fɔmaɖila ƒe nuwɔwɔ le dzɔdzɔe.
 
Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be woanɔ xɔ ɖeka me
kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.
 
10 Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzroa ame vɔ̃ɖi vevie,
mekpɔa nublanui na ehavi o.
 
11 Ne wohe to na fewuɖula la,
bometsilawo dzea nunya;
ne wofia nu nunyala la, sidzedze sua esi.
 
12 Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu,
eye wòhea gbegblẽ vaa ame vɔ̃ɖi la dzi.
 
13 Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la,
ne eya hã do ɣli la,
ame aɖeke masee nɛ o.
 
14 Nunana si wona le adzame la faa dziku nu
eye zãnu si woɣla ɖe awu ʋlaya te hafi tsɔ vɛ la
léa avu dziku helĩhelĩ.
 
15 Afia nyui tsotso hea dzidzɔ vɛ na ame dzɔdzɔe,
ke ehea ŋɔdzi vɛ na vɔ̃ wɔlawo.
 
16 Ŋutsu si tra tso gɔmesese ƒe mɔ dzi la
va dzudzɔna le ame kukuwo ƒe ha me.
 
17 Ame si lɔ̃a agbeɖuɖu la azu hiãtɔ
eye ame si lɔ̃a wain kple ami la makpɔ hotsui o.
 
18 Ame vɔ̃ɖi zua avulénu ɖe ame dzɔdzɔe teƒe
eye nenema ke nuteƒemawɔla ɖea nuteƒewɔla nu.
 
19 Enyo be nànɔ dzogbe wu be nànɔ anyi
kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla kple dɔmedzoedola.
 
20 Nuɖuɖu vivi kple ami bɔ ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu,
gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi.
 
21 Ame si tia dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ la,
tia agbe, dzidzedze kple bubu.
 
22 Nunyala dze kalẽtɔ ƒe du dzi
eye wòmu mɔ sesẽ si ŋu wole dzi ɖom ɖo la ƒu anyi.
 
23 Ame si kpɔa eƒe nu kple eƒe aɖe dzi la,
ɖea eɖokui tso dzɔgbevɔ̃e me.
 
24 Ŋutsu dadala, ɖokuiŋudzela,
si wɔa nu tovo kple dada la, eyae woyɔna be, “Fewuɖula.”
 
25 Kuviatɔ ƒe nudzodzro ahe ku vɛ nɛ,
elabena eƒe asiwo gbe be yewomawɔ dɔ o.
26 Ele nu dzrom ŋkeke blibo la,
ke ame dzɔdzɔe la nana faa, eye metea ame o.
 
27 Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu,
kaka wòahanye be etsɔe vɛ kple susu vɔ̃ɖi.
 
28 Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃ eye ame si ɖoa toe la atsrɔ̃ gbidigbidi.
 
29 Ame vɔ̃ɖi ɖoa mo kplala ɖi,
ke dzɔdzɔetɔ léa ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu.
 
30 Nunya, gɔmesese kple ɖoɖo aɖeke meli si adze edzi o,
ne etsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.
 
31 Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋakpegbe ŋu,
gake Yehowa ƒe asimee dziɖuɖu ya le.