23
Nya adrelia
Ne ènɔ kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple fia la,
lé ŋku ɖe nu si wotsɔ ɖo akɔwò me la ŋu nyuie
eye tsɔ hɛ ɖo wò ve dzi
ne ènye nutsuɖula.
Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o
elabena nuɖuɖu ma nye beble.
Nya enyilia
Mègaku kutri vivivo,
agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o,
dze nunya nàlé avu ɖokuiwò.
Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la,
wo nu va yi xoxo
elabena woato aʋala godoo
eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene.
Nya asiekelia
Mègaɖu ŋutsu nuvela ƒe nuɖuɖu o,
eye eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo megadzro wò o,
elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum.
Egblɔ na wò be,
“Ɖu nu, nàno nu”
gake megblɔe tso eƒe dzi me o.
Àdzɔ nu sue si nèɖu la hã
eye àtsɔ wò kafukafunya siwo nègblɔ la hã ada ahee.
Nya ewolia
Mègaƒo nu ɖe bometsila ƒe to me o,
elabena ado vlo wò nunyanyawo.
Nya wuiɖekɛlia
10 Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa
alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o
11 elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila;
eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu.
Nya wuievelia
12 Tsɔ wò dzi ku ɖe nufiame ŋu
eye wò towo natrɔ ɖe gɔmesese ŋu.
Nya wuietɔ̃lia
13 Mègagbe tohehe na ɖevi o,
ne èƒoe kple ati la, mele kuku ge o.
14 Tsɔ ameƒoti he to nɛ
eye àɖe eƒe luʋɔ tso ku me.
Nya wuienelia
15 Vinye, ne wò dzi dze nunya la,
ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ
16 eye nye ememe ke atso aseye ne wò
nuyiwo gblɔ nu si le dzɔdzɔe.
Nya wuiatɔ̃lia
17 Mègana wò dzi naʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o,
ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu.
18 Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna
eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
Nya wuiadelia
19 Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya
eye na wò dzi nanɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi.
20 Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo
alo lã geɖe ɖulawo o.
21 Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la,
ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me.
Nya wuiadrelia
22 Ɖo to fofowò, ame si dzi wò
eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o.
23 Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o;
ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese.
24 Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe
eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu.
25 Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ
eye nyɔnu si dzi wò la netso aseye!
Nya wuienyilia
26 Vinye, tsɔ wò dzi nam
eye wò ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu
27 elabena gbolo la, ʋe globoe wònye
eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la,
vudo xaxɛ wònye.
28 Ede xa ɖi abe adzodala ene
eye wòdzia ŋutsu ahasitɔwo ƒe xexlẽme ɖe edzi.
Nya wuiasiekelia
29 Ame kae le hũu ɖem?
Ame kae le veve sem?
Ame kae le nu xam?
Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm?
Ame kae xɔ abi yakatsyɔ?
Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene?
30 Ame siwo tsia wainze te la tɔe,
ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe.
31 Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe,
ne ele fu tsɔm le kplu me,
ne eto vetome heɖiɖi ɖe dɔ me o!
32 Le nuwuwu la,
eɖua ame abe da ene
eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene.
33 Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo
eye wò susu anɔ nu baɖabaɖawo susum.
34 Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi
alo ame si mlɔ abala dzi ene.
35 Àgblɔ be,
“Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o!
Woƒom gake mevem o!
Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”