24
Nya blaevelia
Mègabiã ŋu ame vɔ̃ɖiwo o,
mègadi woƒe hamenɔnɔ o
elabena woƒe dzi ɖoa nu tovo
eye woƒe nuyiwo ƒoa nu tso nu gbegblẽ wɔwɔ ŋuti.
Nya blaeve-vɔ-ɖekɛlia
Nunya wotsɔna tua xɔe
eye gɔmesese wotsɔna ɖoa egɔme anyie,
to sidzedze me wotsɔa nu nyui tɔxɛ siwo mebɔ o
kple kesinɔnu nyuiwo yɔa woƒe xɔwo mee.
Nya blaeve-vɔ-evelia
Ŋusẽ gã aɖe le nunyala si
eye ame si si gɔmesese le la dzia eƒe ŋusẽ ɖe edzi.
Èhiã nufiame hafi adze aʋa eye hafi dziɖuɖu nava la,
èhiã aɖaŋuɖola geɖewo.
Nya blaeve-vɔ-etɔ̃lia
Nunya kɔ boo na bometsila akpa;
le amehawo dome, le agbo nu la, nya aɖeke mele esi wòagblɔ o.
Nya blaeve-vɔ-enelia
Ame si ɖo vɔ̃ be yeawɔ
lae woyɔna be ame vɔ̃ɖi.
Bometsinuwo ɖoɖo nye nu vɔ̃ eye amewo tsria fewuɖula.
Nya blaeve-vɔ-atɔ̃lia
10 Ne èʋuʋu le xaxaɣi la,
aleke wò ŋusẽ mehele sue o?
11 Ɖe ame siwo wokplɔ yina wuwu ge
eye xɔ na ame siwo le yiyim sɔgɔsɔgɔ yina ɖe ku me.
12 Ne ègblɔ be,
“Míenya naneke tso nu sia ŋuti o” la,
ɖe ame si daa dziwo kpɔ la menyae oa?
Ɖe wòle nyanya na ame si kpɔa wò agbe ta?
Ɖe maɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu oa?
Nya blaeve-vɔ-adelia
13 Vinye, no anyitsi elabena enyo;
anyitsi tso anyito me avivi le wò nu me.
14 Nyae hã be, nunya avivi wò luʋɔ nu;
ne èke ɖe eŋu la,
mɔkpɔkpɔ li na wò hena etsɔ si gbɔna
eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
Nya blaeve-vɔ-adrelia
15 Mègade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ŋu o,
mègava ha enɔƒe o
16 elabena togbɔ be ame dzɔdzɔe adze anyi zi adre hã la,
agafɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ya la,
dzɔgbevɔ̃e ahe wo aƒu anyi.
Nya blaeve-vɔ-enyilia
17 Mègakpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ne wò futɔ dze anyi o,
eye ne ekli nu la,
dzi megadzɔ wò o,
18 elabena Yehowa akpɔe, eye madze eŋu o,
eye wòaɖe eƒe dziku ɖa le edzi.
Nya blaeve-vɔ-asiekelia
19 Mègadzo nyanyanya le ame vɔ̃ɖiwo ta
alo aʋã ŋu ŋutasẽla o,
20 elabena mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ame vɔ̃ɖi ɖe etsɔ si gbɔna ŋuti o
eye woatsi ŋutasẽlawo ƒe akaɖi.
Nya blaetɔ̃lia
21 Vinye, vɔ̃ Yehowa kple fia la
eye mègade aglãdzelawo dzi o
22 elabena ame eve mawo ana gbegblẽ naƒo ɖe wo dzi kpoyi
eye ame kae nya dzɔgbevɔ̃e si woate ŋu ahe vɛ?
Nunyalawo ƒe nyagbɔgblɔ bubuwo
23 Esiawo hã nye nunyalawo ƒe nyagbɔgblɔwo:
Akpa ɖeka dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.
24 Ame si agblɔ na fɔɖila be,
“Mèdze agɔ o” la, amewo ado ɖiŋu nɛ
eye dukɔwo anyɔ ŋui.
25 Ke eme anyo na ame siwo abu fɔ agɔdzela
eye yayra gãwo ava wo ameawo dzi.
 
26 Nyaŋuɖoɖo ɖe ɖoɖo nu le
abe nugbugbɔ ene.
 
27 Wu wò gotadɔwo nu
eye nàdzra wò agble me ɖo,
ema megbe la, tu wò xɔ.
 
28 Mègaɖu ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro
alo atsɔ wò nuyiwo aka aʋatsoe o.
29 Mègagblɔ be,
“Mele ewɔ ge nɛ abe ale si wòwɔe ɖe ŋutinye ene,
mele eteƒe ɖo ge na ŋutsu sia ɖe nu si wòwɔ la ta” o.
 
30 Meto kuviatɔ kple ame manyanu
ƒe waingble ŋu yi;
31 ŋu vu tsyɔ afi sia afi,
gbe to ɖe eme katã eye kpekpɔ la kaka le eŋu.
32 Metsɔ nye dzi ɖo nu si mekpɔ la ŋu
eye mesrɔ̃ nu tso nu si mekpɔ la me.
33 Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe,
ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie,
34 tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene,
eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.