26
Abe ale si sno dzanae le dzomeŋɔli
alo tsi dzanae le nuŋeɣi ene la,
nenemae bubu medze bometsila o.
Abe ale si atsutsrɔe dzonae
alo sagbadrɛ saa agbae ene la,
nenemae ɖiŋu si wodo na
ame ɖe madzɔmadzɔ dzi la tsia yamee.
Sɔƒoka li na sɔ, numega li na tedzi
nenemae ameƒoti li na bometsila ƒe dzimegbe!
Mègaɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu o,
ne menye nenema o la, wò ŋutɔ hã ànɔ abe eya amea ene.
Ɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu,
ne menye nenema o la ava bu eɖokui nunyalae le eɖokui gbɔ.
Dudede asi na bometsila le
abe ame ŋutɔ ƒe afɔ lalã alo dzɔgbevɔ̃e nono ene.
Abe ale si atatututɔ ƒe afɔ nɔa yamee ene la,
nenemae lododo le le bometsila ƒe nu mee.
Abe ale si wotsɔa kpe dea akafomee ene la,
nenemae bubudede bometsila ŋu le.
Abe ale si ŋuti nɔna le ahamula ƒe asimee ene la,
nenemae lododo nɔna le bometsila ƒe nu mee.
10 Ame si daa aŋutrɔ bometsila dzodzro la le
abe ame si dɔa dɔ ame si le eme tsom la ene.
11 Abe ale si avu trɔna gayia nu si wòdzɔ gbɔe ene la,
nenemae bometsila gawɔa bometsinu si wòwɔ va yi.
12 Èkpɔ ame aɖe si nye nunyala le eya ŋutɔ ŋkume kpɔa?
Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea.
 
13 Kuviatɔ gblɔna be,
“Dzata le mɔa dzi, dzata si le gbe tem ŋɔdzitɔe la
le tsatsam le ablɔwo me!”
14 Abe ale si ʋɔtru trona le eƒe megbega mee ene la,
nenemae kuviatɔ nɔa tɔtrɔm le eƒe aba dzii.
15 Kuviatɔ tsɔ eƒe asi de nuɖugba me
gake kuvia ɖoe ale gbegbe be,
edede nu me zu dɔ nɛ.
16 Kuviatɔ nye nunyala le eya ŋutɔ ƒe ŋkume,
wu ame adre siwo ɖoa nya ŋu nunyatɔe.
 
17 Ame si le eme tsom gake de nu dzrenya si metsɔ egbɔ o
me la le abe ame si lé towo kple eve na avu ene.
 
18 Abe ale si aɖaʋatɔ daa akakati bibi
alo aŋutrɔ si ŋu aɖi le la ene la,
19 nenemae nye ame si ble ehavi
eye emegbe wògblɔ nɛ be,
“Fefem ko mele!”
 
20 Ne nake meli o la,
dzo tsina; ne sakplitɔ meli o la, dzre kena.
21 Abe ale si aka léa dzo eye nake doa dzo ene la,
nenema ŋutsu dzretɔ ƒlɔa dzre ɖoe.
22 Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina
abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene;
eyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke.
 
23 Abe ale si wofaa sikatsi ɖe anyikplu ŋu ene la,
nenema nuyi xɔdzo si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le.
24 Ame baɖa tsɔa eƒe nuyi trɔa eɖokui bubue,
gake eɣlaa beble ɖe eƒe dzi me.
25 Togbɔ be eƒe nyawo nya le sesem hã la, mègaxɔ edzi se o
elabena ŋunyɔnu adre le eƒe dzi me.
26 Eƒe susu baɖa aɣla ɖe beble megbe,
gake woaʋu go eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le amehawo dome.
27 Ne ame aɖe ɖe ʋe la, eya ŋutɔ age adze eme
eye ame si amli kpe la,
kpe si wòmli la age adze eya ŋutɔ dzi.
28 Alakpaɖe léa fu ame siwo ŋuti wòle abi demii,
eye nu si blea ame la hea gbegblẽ vɛ.