Salomo ƒe lododo bubuwo
25
Esiawoe nye Solomo ƒe lododo bubu siwo Yuda fia Hezekia ƒe dɔdzikpɔlawo ŋlɔ da ɖi.
Enye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe be wòaɣla nya;
eye fiawo ƒe bubue nye be woaku nya me.
Abe ale si dziƒo kɔe eye anyigba gogloe ene la,
nenemae womate ŋu adzro fiawo ƒe dzi me o.
 
Ɖe ɖi ɖa le klosalo ŋu,
ekema klosalonutula kpɔ dɔwɔnu.
Ɖe ame vɔ̃ɖi ɖa le fia la ŋkume
ekema eƒe fiazikpui ali ke to dzɔdzɔenyenye me.
 
Mègado ɖokuiwò ɖe dzi le fia la ŋkume o
eye mègaʋli nɔƒe le amegãwo dome o.
Enyo be wòagblɔ na wò be,
“Va dzime le afii” wu be wòaɖiɖi wò le bubumewo ŋkume.
 
Nu si nèkpɔ kple wò ŋkuwo la,
mègatsɔ dzitsitsi ahee va ʋɔnui o
elabena nu ka nàwɔ le nuwuwua
ne hawòvi la do ŋukpe wò?
 
Ne èle nya hem kple hawòvi la,
mègaʋu go ame bubu ƒe nya ɣaɣla o,
10 ne menye nenema o la,
ame si see la ado ŋukpe wò
eye ŋkɔ baɖa si le ŋuwò la maɖe ɖa akpɔ gbeɖe o.
 
11 Nya si wogblɔ dedie la,
le abe “sikaplu” le klosalogba me ene.
12 Ŋutsu nunyala ƒe mokaname le na to si le esem la
abe sikatogɛ alo sikatsyɔ̃ɖonu aɖe ene.
 
13 Dɔla nuteƒewɔla le na ame siwo dɔe la
abe ale si sno fanae le nuŋeɣi ene;
enana eƒe aƒetɔwo ƒe gbɔgbɔ gbɔna ɖe eme.
14 Ŋutsu si ƒoa adegbe le nunana siwo mena o ŋu la
le abe lilikpododo kple ya si medzaa tsi o la ene.
 
15 Dzigbɔɖie wotsɔna blea fia nue
eye aɖe bɔbɔe ate ŋu agbã ƒu.
 
16 Ne èke ɖe anyitsi ŋu la, no esi sinu nàte ŋui ko,
ne ènoe fũu akpa la, àdzɔe.
17 Mègaƒo afɔɖi hawòvi ƒe aƒe me o,
ne èle egbɔ dem kabakaba la, ava tsri wò.
 
18 Ŋutsu si ɖi aʋatsoɖase ɖe ehavi ŋu la le abe kpo,
yi alo aŋutrɔ ɖaɖɛ ene.
19 Dziɖoɖo ɖe nuteƒemawɔla ŋu le xaxaɣiwo le abe aɖu vovo
alo afɔ tutu ene.
20 Ame si dzi ha na dzi kpekpe tɔ la le
abe ame si ɖe awu kpekpe ɖi le vuvɔwɔgbe
alo “vinigae” wokɔ ɖe “soɖa” dzi ene.
 
21 Ne dɔ le wò ketɔ wum la, na nui wòaɖu,
ne tsikɔ le ewum la, na tsii wòano.
22 Ne èwɔ esia la,
àƒo dzoka xɔxɔwo nu ƒu ɖe eƒe ta dzi,
eye Yehowa ŋutɔ aɖo eteƒe na wò.
 
23 Abe ale si anyieheya hea tsidzadza vɛ ene la,
nenema amenyagblɔɖe dea adã mo na amee.
 
24 Enyo be woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu be
woanɔ aƒe ɖeka me kple srɔ̃nyɔnu dzrewɔla.
 
25 Abe ale si tsi fafɛ faa akɔ na luʋɔ gbɔdzɔe ene la,
nenema kee nya nyui tso duta hã nɔna.
26 Ame dzɔdzɔe si na mɔ ame vɔ̃ɖi la
le abe tsitsetse si me blu
alo vudo si me wolɔ gbe kɔ ɖo la ene.
 
27 Menyo be woano anyitsi fũu
alo wònye nu dzeame be ame nadi eya ŋutɔ ƒe bubu o.
 
28 Ame si meɖua eɖokui dzi o la
le abe du si ŋu wogbã gli le la ene.