29
Ame si woka mo na zi gede gake wògbe lia kɔ la,
atsrɔ̃ zi ɖeka kpata xɔnamemanɔŋutɔe.
 
Ne ame dzɔdzɔewo le dzi ɖum la, amewo dzɔa dzi;
ke ne dziɖuɖu ge ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me la, amewo ŋena.
 
Ame si lɔ̃a nunya la hea dzidzɔ vɛ na fofoa,
ke ame si dze xɔ̃ gbolowo la gblẽa eƒe ga dome.
 
To afia nyui tsotso me fia hea dedinɔnɔ vɛ na dukɔ,
ke fia si klẽa ŋu ɖe zãnuxɔxɔ ŋu la gbãa du.
 
Ame si do fuflugba na ehavi la le ɖɔ ɖom na eya ŋutɔ ƒe afɔ.
 
Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ denɛ mɔ me,
ke ame dzɔdzɔe adzi ha atso aseye.
 
Ame dzɔdzɔewo tsɔa ɖe le afiatsotso na hiãtɔwo me
gake ame vɔ̃ɖiwo ya metsɔa ɖeke le eme o.
 
Fewuɖulawo dea ʋunyaʋunya du me,
ke nunyalawo tsia dziku nu.
 
Nunyala yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kple bometsila,
bometsila le adã fiam, le fewu ɖum eye ŋutifafa meli o.
 
10 Hlɔ̃dolawo lé fu ŋutsu nuteƒewɔla
eye wodina be yewoawu dzi dzadzɛ tɔ.
 
11 Bometsila ɖea eƒe dziku katã fiana,
ke nunyala ɖua eɖokui dzi.
 
12 Ne dziɖula ɖo to beblenyawo la,
eƒe dɔnunɔlawo katã zua ŋutasẽlawo.
 
13 Nu ɖeka sia le hiãtɔ kple ameteɖetola siaa si,
Yehowae wɔ ŋku na wo ame evea.
 
14 Ne fia drɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔ ɖe dzɔdzɔenyenye dzi la,
eƒe fiazikpui anɔ dedie ɣe sia ɣi.
 
15 Ameƒoti si wotsɔna ɖɔa ame ɖoe la fiaa nunya ame,
gake ɖevi si womehe o la dea ŋukpe mo na dadaa.
 
16 Ne ame vɔ̃ɖiwo le dzi ɖum la,
nu vɔ̃ hã dea dzi, ke ame dzɔdzɔewo akpɔ woƒe anyidzedze.
 
17 Ne èhe viwò ŋutsuvi la, ekema àkpɔ ŋutifafa
eye wòahe dzidzɔ vɛ na wò luʋɔ.
 
18 Afi si ɖeɖefia mele o la,
amewo wɔa woƒe lɔlɔ̃nu;
ke woayra ame si léa sea me ɖe asi.
 
19 Numenya ɖeɖe mate ŋu aɖɔ dɔla ɖo o,
togbɔ be ese egɔme hã la, mawɔ ɖe edzi o.
 
20 Èkpɔ ame si ƒoa nu blablablaa?
Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea gɔ̃ hã.
 
21 Ne ŋutsu aɖe wɔ vi na eƒe subɔviŋutsu tso eƒe ɖevime la,
ahe nuxaxa vɛ le nuwuwua.
 
22 Ŋutsu dɔmedzoetɔ dea dzre amewo dome
eye ame si doa dziku kabakaba la wɔa nu vɔ̃ geɖe.
 
23 Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe,
ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me.
 
24 Ame si wɔ ɖeka kple fiafitɔ la nye eya ŋutɔ ƒe futɔ;
wonana wòkaa atam
eye mekpɔ mɔ akɔ nu le edzi o.
 
25 Vɔvɔ̃ si le ame aɖe me lae nyea mɔ nɛ,
ke ame si ka ɖe Yehowa dzi la nɔa dedie.
 
26 Ame geɖewo dina be yewoado ɖe dziɖula ŋkume,
aƒo nu kplii gake Yehowa gbɔ ame ƒe afiatsotso tsona.
 
27 Nu gbegblẽ wɔla nye ŋunyɔ na ame dzɔdzɔe
eye nu dzɔdzɔe wɔla nye ŋunyɔ na ame vɔ̃ɖi.