Agur ƒe nyawo
30
Yake vi Agur ƒe nyagblɔɖi.
Ŋutsu sia gblɔ na Itiel, kple Ukal be:
 
“Nyee tsi bome wu le amewo dome;
ame ƒe nugɔmesese mele asinye o.
Nyemesrɔ̃ nunya
alo nya naneke le Kɔkɔetɔ la ŋu o.
Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ?
Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome?
Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me?
Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi?
Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe?
Gblɔe nam, ne ènyae!
 
 
“Kpɔtsɔtsɔ mele Mawu ƒe nya aɖeke ŋu o;
enye akpoxɔnu na ame siwo sii tso.
Mègatsɔ nya kpe eƒe nyawo o,
ne menye nenema o la, aka mo na wò
eye woakpɔe be ènye alakpatɔ.
 
“O Yehowa, nu evee mebia wò;
mègatem hafi maku o.
Te aʋatsokaka kple alakpa ɖa xaa tso gbɔnye,
mègatsɔ ahedada alo hotsuikpɔkpɔ nam o,
ke boŋ na nye gbe sia gbe ƒe abolo kom.
Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa,
agbe nu le gbɔwò ahabia be,
‘Ame kae nye Yehowa?’
Alo mada ahe akpa, afi fi.
 
10 “Mègagblẽ dɔla ŋu na eƒe aƒetɔ o,
ne menye nenema o la, ado ɖiŋu na wò
eye nàkpe fu ɖe eta.
 
11 “Ame aɖewo li,
siwo doa ɖiŋu na wo fofowo
eye womeyraa wo dadawo hã o;
12 ame siwo dza le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume, evɔ womeklɔ ɖi si
woƒo la ɖa le wo ŋuti o;
13 ame siwo si ŋku gã le ɣe sia ɣi,
eye wokpɔa ame ɖeƒomevie;
14 ame siwo ƒe aɖu le abe yi ene
eye woƒe glãwo le abe hɛ ɖaɖɛwo ene,
ne woavuvu ame dahewo le anyigba dzi
eye woaɖe hiãtɔwo ɖa le amegbetɔwo dome.
 
15 “Vinyɔnu eve le axɔ̃ si,
wole avi fam be, ‘Nam! Nam!’
 
“Nu etɔ̃ li siwo nu meɖia ƒo na gbeɖe o,
eye enelia megblɔna be, ‘Enyo gbɔ!’ o:
16 woawoe nye, yɔdo,
vidzidɔ si tsi ko,
anyigba si tsi meɖia kɔ na o,
kple dzo si megblɔna gbeɖe be, ‘Enyo gbɔ!’ o.
 
17 “Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu,
eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la,
balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome,
eye akagawo aɖui.
 
18 “Nu etɔ̃ li siwo wɔ nuku nam akpa,
eye nyemese enelia gɔme o:
19 hɔ̃ ƒe mɔ le yame,
da ƒe mɔ le agakpe dzi,
tɔdziʋu ƒe mɔ le atsiaƒuwo dzi
kple ŋutsu ƒe mɔ le ɖetugbi gbɔ.
 
20 “Esiae nye nyɔnu ahasitɔ ƒe mɔ.
Eɖua nu hetutua nuto gblɔna be,
‘Nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.’
 
21 “Nu etɔ̃ tee anyigba ʋuʋuna le kpekpekpe,
eye le enelia te ya la, mate ŋu atsɔe o:
22 woawoe nye, dɔla si va zu fia,
bometsila si si nuɖuɖu bɔ ɖo fũu,
23 ne nyɔnu si ame aɖeke melɔ̃ eƒe nya o,
la ɖe srɔ̃ kple ne dɔlanyɔnu xɔ ɖe eƒe aƒenɔ teƒe.
 
24 “Nu ene le anyigba dzi le sue,
gake woƒe nunya gbɔ metsɔ o:
25 anyidiwo nye nuwɔwɔ si ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le,
gake woƒoa woƒe nuɖuɖu nu ƒu le dzomeŋɔli;
26 kpetomefiwo nye lã siwo ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le,
gake wowɔa woƒe nɔƒe ɖe agakpewo tome;
27 Fia mele ʋetsuviwo si o,
gake woƒe ha blibo la yia teƒewo le ɖoɖo me;
28 woate ŋu alé adoglo kple asi,
gake fiawo ƒe aƒewo mee wokpɔa wo le.
 
29 “Nu etɔ̃e zɔa agozɔli
eye nu enee zɔna abe fia ene:
30 dzata si nye gã le lã wɔadãwo dome eye medoa megbefɔ le naneke gbɔ o;
31 koklotsu,
gbɔ̃tsu,
kple fia si eƒe aʋakɔwo ƒo xlãe.
 
32 “Ne ètsi bome hedo ɖokuiwò ɖe dzi
alo ɖo nu vɔ̃ɖi aɖe la,
tsɔ wò asi tsyɔ wò nu!
33 Elabena abe ale si ne woƒo nyinotsi wòzua bɔta
eye ne wofia ŋɔti ʋu dona ene la,
nenema kee ne wode dzo dziku me la, dzre dzɔna.”