5
Nuxɔxlɔ̃ amewo le ahasiwɔwɔ ŋuti
Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu
eye nàƒu to anyi nyuie ɖe nye sidzedze ƒe nyawo ŋu,
be nànya nu si nàwɔ
eye wò nuyiwo adzra gɔmesese ɖo
elabena nyɔnu ahasitɔ ƒe nuyiwo le anyitsi tsyɔm,
eye eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami
gake le nuwuwu la evena wu veve
eye wòɖana wu yi nuevee.
Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke
eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe
Mebua ta me le ale si wòanɔ agbee ŋu kura o,
eƒe toƒewo glɔ̃ gake menyae o
eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom,
migaƒo asa na nu si megblɔ na mi o.
Miaƒe toƒewo nete ɖa xaa tso egbɔ,
migagogo eƒe aƒe ƒe agbonu o,
ne menye nenema o la,
miava gblẽ miaƒe ɖekakpuime
ƒe ŋusẽ ɖe ame bubuwo ŋu
kple miaƒe ƒewo ɖe ame vɔ̃ɖi ŋu.
10 Ne menye nenema o la,
amedzrowo anye avuzi le miaƒe kesinɔnuwo dzi
eye nu si nète fifia kpɔ la aɖo atsyɔ̃ na ame bubu ƒe aƒe me.
11 Le wò agbe ƒe nuwuwu la, ànɔ ŋeŋem,
ne wò ŋutilã kple wò ameti blibo la vɔ le eme.
12 Àgblɔ be, “Metsri amehehe kɔkɔkɔ!
Eye nye dzi do vlo ɖɔɖɔɖo!
13 Nyemaɖo to nye nufialawo
alo aƒu to anyi ɖe nye amegãwo ŋu o.
14 Esusɔ vie donyeme nagblẽ keŋkeŋ
le ameha la katã dome.”
 
15 No tsi tso wò ŋutɔ wò tsiʋe me
kple tsi dzidzi tso wò ŋutɔ wò vudo me.
16 Ɖe wòle be wò tsitsetsewo nagbagba ɖe mɔtatawo dzi
kple wò tsi sisi ɖe du ƒe ablɔwo mea?
17 Wonenye wò ɖeka ko tɔ,
mègamae kple ame tutɔwo gbeɖe o.
18 Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ
ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.
19 Eyae nye zinɔ lɔlɔ̃a kple sãde dzeani la,
eƒe nowo neɖi kɔ na wò ɣe sia ɣi,
eye eƒe lɔlɔ̃ nede dzo mewò ɖaa.
20 Vinye, nu ka ŋuti nàƒo kpakpakpa ɖe nyɔnu ahasitɔ ŋu?
Nu ka ŋuti nàlé alime na ame bubu srɔ̃?
 
21 Elabena ame sia ame ƒe mɔ le ƒuƒlu le Yehowa ŋkume
eye wòdoa woƒe mɔwo katã kpɔ.
22 Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ,
eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe.
23 Aku le ɖokuidzimaɖumaɖu ta
eye eƒe bometsitsi gã la akplɔe atrae.