6
Nuxɔxlɔ̃ amewo le bometsitsi ŋuti
Vinye, ne ède megbe na wò aƒelika,
eye nèsi akpe tsɔ do ŋugbee na ame tutɔ,
ne ŋugbe si nèdo zu mɔ me nèɖo
eye wò numenyawo bla wò la,
ekema vinye, wɔ esia ne nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe,
esi nège ɖe hawòvi ƒe asi me ta.
Yi nàbɔbɔ ɖokuiwò,
ɖe kuku na hawòvi la amenubletɔe!
Wò ŋkuwo megadɔ alɔ̃ o
eye wò aɖaba megadɔ akɔlɔ̃e o.
Ɖe ɖokuiwò le eƒe asi me abe ale si sãde sina le adela ƒe asi me ene
alo abe ale si xevi dona le xevimɔtrela ƒe kamɔ mee ene.
 
Wò, kuviatɔ, yi anyidi gbɔ;
kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya!
Gbeɖela loo dzikpɔla
alo dziɖula aɖeke mele esi o,
gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu
eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi.
 
Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma?
Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?
10 Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe,
ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie,
11 tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene
eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.
 
12 Yakame kple ame baɖa
si le yiyim kple alakpadada,
13 le ŋku tem, tsɔ afɔ le dzesi fiam
eye wòtsɔ eƒe asi le nya gblɔmii,
14 ame si ɖoa nu vɔ̃ɖi, beble le eƒe dzi me,
eye ɣe sia ɣi wòdea dzre aƒe la
15 eya ta gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi
eye woatsrɔ̃ eya amea zi ɖeka, naneke maɖee le eme o.
 
16 Nu adree Yehowa tsri,
eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui:
17 dadaŋkuwo, alakpaɖe,
asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi,
18 dzi si ɖoa nu vɔ̃ɖiwo,
afɔ siwo ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋuti
19 aʋatsoɖaseɖila si kɔa alakpa ɖi,
kple ŋutsu si dea dzre nɔviwo dome.
Nuxɔxlɔ̃ amewo le ahasiwɔwɔ ŋuti
20 Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi
eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.
21 Bla wo ɖe wò dzi ŋuti tegbee
eye nàsae ɖe wò kɔ ŋuti.
22 Ne èle zɔzɔm la, woafia mɔ wò, ne èle alɔ̃ dɔm la,
woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na wò
23 elabena sedede siawo nye akaɖi,
nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo
si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ,
24 esi aɖe wò tso nyɔnu ahasitɔ ƒe asi me
kple srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe aɖe ŋanɛ ƒe asi me.
 
25 Eƒe tugbedzedze megana eƒe nu nadzro wò
le wò dzi me alo nàna eƒe ŋku mawo nalé wò o,
26 elabena gbolo aɖi gbɔ̃ wò,
nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò.
27 Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata
eye eƒe awuwo nagbe fiafia?
28 Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi
eye eƒe afɔwo nagbe fiafia?
29 Nenemae wòanɔ na ŋutsu si dɔna kple ŋutsu bubu srɔ̃,
womagbe tohehe na ame si ka asi eŋuti o.
 
30 Womedoa vlo fiafitɔ ne efi fi be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu,
ne dɔ la ewum o
31 gake ne wolée la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe zi adre,
esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi.
32 Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o
eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome.
33 Ƒoƒo kple kɔ kple vlododo nye etɔ gome
eye womaɖe eƒe ŋukpe ɖa akpɔ gbeɖe o
34 elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla
eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o.
35 Maxɔ avulénu aɖeke o,
eye maxɔ zãnu aɖeke hã o, aleke gbegbee wòloloe hã.