8
Nunya ƒe ameyɔyɔ
Ɖe nunya mele ɣli dom le ame yɔm oa?
Ɖe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa?
Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe siwo le mɔto la tame,
afi si afɔmɔwo do go le.
Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe mɔ xa
kple agbo la me le ɣli dom sesĩe be,
“O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na
eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã.
Mi bebewuwo, midze nunya;
mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si.
Miɖo to elabena nya xɔasiwo le asinye be magblɔ;
meke nye nu be magblɔ nu si le dzɔdzɔe.
Nye nu gblɔa nu si le eteƒe,
elabena nye nuyi tsri vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.
Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe;
ɖeke meglɔ̃ alo nye ayemenya o.
Wo katã le dzɔdzɔe na ame si si sidzedze le;
fɔɖiɖi mele wo ŋu na ame siwo si gɔmesese le o.
10 Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒe
kple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe
11 elabena nunya xɔ asi wu adzagba
eye nu siwo dim wò dzi le la ƒe ɖeke mesɔ kplii o.
 
12 “Nye, nunya kple ŋuɖɔɖoe nɔa teƒe ɖeka;
gɔmesese kple sidzedze le asinye.
13 Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃,
eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi,
agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ.
14 Tɔnyee nye aɖaŋudede kple afia nyui tsotso,
gɔmesese kple ŋusẽ le asinye.
15 Dzinyee fiawo tona ɖua fia
eye dziɖulawo dea se siwo le dzɔdzɔe.
16 Dzinyee dumegãwo tona kplɔa du
eye nenema kee nye bubume
siwo le dzi ɖum le anyigba dzi.
17 Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am
eye ame siwo diam la kpɔam.
18 Hotsui kple bubu bɔ ɖe asinye,
nenema kee nye kesinɔnu
siwo megblẽna o kple dzidzedze.
19 Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ,
eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa.
20 Mezɔna le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi
kple nuteƒewɔwɔ ƒe toƒewo,
21 eye mekɔa kesinɔnu ɖe ame siwo lɔ̃am la dzi,
henana woƒe nudzraɖoƒewo gbagbana.
 
22 “Yehowa dzim abe eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ ene,
hafi wòava wɔ nuwo le blema.
23 Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke,
tso gɔmedzedzea me,
hafi xexea me nava dzɔ.
24 Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o,
eye vudo siwo dzia tsi fũu la hã menɔ anyi o.
25 Hafi woatsɔ towo ada ɖe woƒe nɔƒewo, eye togbɛwo nadzɔ la,
nye la, wodzim xoxo.
26 Hafi wòava wɔ anyigba alo gbegbe
alo anyigbadziʋuʋudediwo gɔ̃ hã la, wodzim xoxo.
27 Menɔ afi ma hafi wòtsɔ dziƒowo ɖo wo nɔƒe
eye wòdzidze dzite da ɖe gogloƒewo tame.
28 Esi wòɖo lilikpowo ɖe dziƒo,
eye wòli ke tɔ goglowo ƒe dzɔtsoƒe,
29 esi wòɖo liƒo na atsiaƒu be
eƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi o
eye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo.
30 Ale menye aɖaŋudɔwɔla nɔ eƒe axadzi,
dzidzɔ yɔ menye gbe sia gbe
eye metsoa aseye le eŋkume ɣe sia ɣi.
31 Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la me
eye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam.
 
32 “Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom;
woayra ame siwo lé nye mɔwo me ɖe asi.
33 Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya,
mègado tokue o.
34 Woayra ame si ɖoa tom,
nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbe
eye wòlalana le nye kpui nu
35 elabena ame si ke ɖe ŋutinye la,
ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.
36 Ke ame si mete ŋu ke ɖe ŋutinye o la,
wɔa nu vevi eɖokui eye ame siwo katã léa fum la lɔ̃a ku.”