7
Kpɔ nyuie le nyɔnu ahasitɔ ŋuti
Vinye, lé nye nyawo me ɖe asi
eye nàdzra nye sededewo ɖo ɖe mewò.
Lé nye sededewo me ɖe asi ekema ànɔ agbe
eye dzɔ nye nufiamewo ŋuti abe wò gadaglamakui ene.
Bla wo ɖe wò asibidɛwo ŋu
eye nàŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe nuŋlɔkpe dzi.
Gblɔ na nunya be,
“Nɔvinye nyɔnu nènye.”
Eye nàyɔ ƒometɔ na gɔmesese,
woana nyɔnu ahasitɔ la nanɔ adzɔge na wò,
eye woaɖe wò le srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe amenublenyawo ƒe asi me.
 
Mele nye xɔ ƒe fesrẽ nu,
hekpɔ nu to fesrẽnuvɔ la me.
Mekpɔ ame aɖe le bebewuwo dome,
mekpɔ ɖekakpui si tsi bome la le sɔhɛwo dome.
Ele zɔzɔm le kpɔdome,
ɖo ta dzogoe si me nyɔnu la le la me;
ezɔ ɖo ta afi si nyɔnu la ƒe aƒe le,
le fiẽ me, esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm,
eye zã do blukɔ.
 
10 Tete nyɔnu aɖe do go va kpee,
edo awu abe gbolo ene eye ayedzedze le mo nɛ.
11 Eƒe gbe le dzi dem,
metsɔ ɖeke le eme na ame aɖeke o
eye eƒe afɔwo gbe tɔtɔ ɖe aƒe me,
12 ele kpɔdome fifia, kasia egado ɖe ablɔme xoxo
eye wòdea xa ɖe dzogoe ɖe sia ɖe dzi.
13 Elé ɖekakpui la hegbugbɔ nu nɛ ŋɔnɔe
eye wòɖo mo kplalaa gblɔ nɛ be,
14 “Ŋutifafavɔsa le aƒenye me,
egbe mexe nye adzɔgbeɖefewo o,
15 eya ta medo be mava do go wò,
medi wò eye meke ɖe ŋuwò!
16 Meɖo aklala biɖibiɖi ƒe abadzivɔ si wode amadede vovovowoe,
esi wowɔ le Egipte la ɖe nye aba dzi.
17 Mewu lifi,
anowɔtre kple ami ʋeʋĩ vovovowo ɖe nye aba dzi,
18 eya ta va, míano lɔlɔ̃ wòasu mí va se ɖe ŋdi,
na míatsɔ lɔlɔ̃ ado vivi ɖe mía ɖokuiwo ŋu!
19 Nye aƒetɔ mele aƒe o,
ezɔ mɔ didi aɖe.
20 Etsɔ eƒe gakotoku si ga yɔ fũu la dzoe
eye ne dzinu sɔ tegblẽ hafi wòagbɔ.”
 
21 Etsɔ amenublenya siawo blee
eye wòtsɔ eƒe aɖe ŋanɛ la kplɔe trae.
22 Etso zia enumake hekplɔe ɖo abe nyitsu
wokplɔ yina wuwu ge
alo abe zi si ɖo afɔ mɔ me ene.
23 Va se ɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã,
abe xevie dzo ɖe kamɔ dzi
eye menyae be yeƒe ku le afi ma o la ene
24 eya ta azɔ la, vinyewo,
miɖo tom eye miƒu to anyi ɖe nu si megblɔ la ŋu.
25 Migana miaƒe dzi natrɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu loo,
alo miatra age ɖe eƒe toƒewo o.
26 Elabena ame siwo tsi esi me la sɔ gbɔ,
eye ame siwo wòwu la de ha.
27 Eƒe aƒe nye tsiẽƒe ƒe mɔ gbadza
siwo ɖo ta ku ƒe xɔgãwo me.