14
David ƒe aƒe, srɔ̃awo kple viawo.
Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti be woatu fiasã nɛ. Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo.
Esi David ʋu yi Yerusalem la, egaɖe srɔ̃ aɖewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo.
Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo, Ibhar, Elisua, Elpelet, Noga, Nefeg, Yafia, Elisama, Beeliada kple Elifelet.
David ɖu Filistitɔwo dzi
Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be wogbɔna la, eho yi wo kpe ge. Filistitɔwo nɔ nuwo ham le Refaim balime. 10 David bia Mawu be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?”
Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”
11 Ale David kple eƒe aʋakɔ la yi ɖadze Filistitɔwo dzi le Baal Perazim eye wòtsrɔ̃ wo. Egblɔ be, “Mawu to dzinye kplɔ nye futɔwo dzoe abe ale si tsi ŋɔna tso tsixaɖoƒe ene!” Esia ta wòna ŋkɔ teƒe la tso ɣe ma ɣi be, “Baal Perazim” si gɔmee nye, “Aƒetɔ si gba go.”
12 Le aʋakpekpe sia megbe la, Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi, ke David ɖe gbe eye wotɔ dzo wo katã.
13 Emegbe la, Filistitɔwo gava kaka ɖe balime la me. 14 David gabia nu si wòawɔ la Mawu eye Mawu ɖo eŋu nɛ be, “Mègaho dze wo yome me o, ke boŋ trɔ ɖa le wo ŋu eye nàva tu wo le balsamtiawo gbɔ. 15 Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi elabena esia afia be, Mawu dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.”
16 Ale David wɔ nu si Mawu ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la tso keke Gibeon va se ɖe Gezer. 17 David ƒe ŋkɔ de dzi le afi sia afi eye Yehowa na be dukɔwo katã navɔ̃e.