15
Wotsɔ Nubablaɖaka la va Yerusalem
Esi David wu xɔtutu nu na eɖokui le David ƒe Du la me vɔ la, edzra teƒe aɖe ɖo na Mawu ƒe nubablaɖaka la, hetu agbadɔ nɛ eye wòde se be, “Ne mietsɔ nubablaɖaka la va da ɖe eƒe nɔƒe yeyea la, Levitɔwo koe atsɔe elabena woawoe Yehowa tia na dɔ sia wɔwɔ; woawoe awɔ subɔsubɔdɔ nɛ tegbetegbee.”
Le esia megbe la, David yɔ Israel dukɔ blibo la va Yerusalem be woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la va da ɖe teƒe si wòdzra ɖo ɖi nɛ.
 
Eyɔ Aron ƒe dzidzimeviwo kple Levitɔwo ƒo ƒu:
 
Ame alafa ɖeka blaeve (120) tso Kohat ƒe viwo dome,
woƒe Nunɔlae nye Uriel.
Ame alafa eve blaeve (220) si nu,
Asaya nɔ la tso Merari ƒe viwo dome.
Ame alafa ɖeka blaetɔ̃ (130) siwo nu,
Yoel nɔ la, tso Gerson ƒe viwo dome.
Ame alafa eve (200) siwo nu,
Semaya nɔ la, tso Elizafan ƒe viwo dome.
Ame blaenyi, ame siwo nu,
Eliel nɔ la tso Hebron ƒe viwo dome,
10 eye ame alafa ɖeka wuieve (112) siwo nu,
Aminadab nɔ la tso Uziel ƒe viwo dome.
 
11 David yɔ Zadok kple Abiata, ame siwo nye Nunɔlagãwo kple Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, ame siwo nye Levi ƒe viwo ƒe kplɔlawo 12 eye wògblɔ na wo be, “Miawoe nye Levitɔwo ƒe kplɔlawo. Azɔ la, mi kple mia nɔviwo katã mikɔ mia ɖokuiwo ŋu ale be miatsɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la va teƒe si medzra ɖo ɖi nɛ. 13 Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia ŋu esi mienɔ nubablaɖaka la kɔm elabena esi mi Levitɔwo míenɔ anyi gbe ma gbe o la, míebia Yehowa se nu si miawɔ la o.” 14 Ale Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋuti hedzra ɖo ɖe Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la tsɔtsɔ gbɔe ŋu. 15 Levitɔwo tsɔ nubablaɖaka la ɖe abɔta kple etsɔtiwo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene la tututu.
16 Fia David na Levitɔwo ƒo ƒu hadzilawo nu eye wodzi ha sesĩe kple dzidzɔ ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo ƒe ɖiɖi ŋu. 17 Ame siwo kpɔ hadzidzi kple nu siwo woƒo kpe ɖe eŋu dzi la woe nye Heman, Yoel ƒe vi kple Asaf, Berekia ƒe vi kple Etan, Kusaya ƒe vi, tso Merari ƒe viwo dome. 18 Woƒe kpeɖeŋutɔwoe nye Zekaria, Yaaziel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom kple Yeiel, ame siwo nye agbonudzɔlawo.
19 Wotia Heman, Asaf kple Etan be woaƒo akɔbligakogoewo 20 eye wotia ame enyi siawo: Zekaria, Ariel, Semiramɔt, Yehiel, Uni, Eliab, Maaseya kple Benaya be woaƒo kasaŋku gbevitɔwo ɖe alamot ƒe gbeɖiɖi nu. 21 Ame siwo wotia be woaƒo kasaŋku gbegãtɔwo ɖe seminit ƒe gbeɖiɖi nu woe nye: Matitia, Elifelehu, Mikneya, Obed Edom, Yeiel kple Azazia. 22 Hadoɖalae nye Kenania, Levitɔwo Nunɔla; wotiae ɖe eƒe nunya ta. 23 Berekia kple Elkana nye nubablaɖaka la ŋu dzɔlawo. 24 Sebania, Yosafat, Netanel, Amasai, Zekaria, Benaya kple Eliezer, ame siwo katã nye nunɔlawo la, nye kpẽkulawo eye wonɔ ŋgɔ na ameawo katã. Obed Edom kple Yehia dzɔ nubablaɖaka la ƒe agbo ŋu.
25 Ale David kple Israel ƒe dumegãwo kple ame akpewo ƒe aʋafiawo yi Obed Edom ƒe aƒe me be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso afi ma kple aseyetsotso. 26 Esi Yehowa kpe ɖe Levitɔ siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu ta la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe. 27 Azɔ la, David do awu ʋlaya si wotɔ kple aklala biɖibiɖi; nenema kee nye Levitɔ siwo tsɔ nubablaɖaka la. Nenema kee nye hadzilawo kple Kenania hã, ame si nɔ hadzihawo nu. David ya do aklala si nɔ biɖibiɖi ƒe kɔmewu ɖe etɔ dzi. 28 Ale Israel katã tsɔ dzidzɔɣlidodo, lãdzowo kple kpẽwo kuku, gakogoewo kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒoƒo sesĩe tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi Yerusalem.
29 Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe Du la me la, Saul ƒe vinyɔnu, Mixal, nɔ wo kpɔm to fesre nu eye esi wòkpɔ Fia David wònɔ ɣe ɖum, nɔ aglo tum kple dzidzɔ la, edo vloe le eƒe dzime.