19
Aʋawɔwɔ kple Amonitɔwo
Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, Amonitɔwo ƒe fia, Nahas, ku eye Via ŋutsu ɖu fia ɖe eteƒe. David ɖo be, “Manyo dɔme na Hanun, Nahas ƒe vi elabena fofoa nyo dɔme nam.” Ale David dɔ amewo ɖa be woado babaa na Hanun le fofoa ƒe ku ta.
Esi David ƒe amewo va tu Hanun le Amonitɔwo ƒe anyigba dzi be yewoado babaa nɛ la, Amonitɔwo ƒe amegãwo gblɔ na Hanun be, “Ɖe nèbu be David le bubu dem ye fofo ŋu to ame siawo dɔdɔ ɖe gbɔwò be woado babaa na wò mea? Menye ɖe ame siawo va be yewoatsa ŋku le anyigba la dzi eye yewoaho aʋa ɖe eŋu oa?”
Nu sia na Fia Hanun lé Fia David ƒe amewo. Ena wolũ ge na wo eye wolã woƒe awuwo le woƒe agɔnu ale be woɖe amama ɖe agɔnu eye wòdo mɔ wo. Ke esi wova gblɔ ŋutsuawo ŋu nya na David la, edɔ amewo woɖakpe ŋutsuawo kple gbedeasi be woatsi Yeriko va se ɖe esime woƒe ge nato elabena wodo ŋukpe wo ŋutɔ.
Esi Amonitɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, Hanun kple Amonitɔwo tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade be woaɖada aʋatasiaɖamwo kple wo dolawo tso Aram Naharaim, Aram Maaka kple Zoba.
Woda tasiaɖam akpe blaetɔ̃-vɔ-eve (32,000) kple wo dolawo. Nenema ke wotsɔ Maaka fia kple eƒe aʋakɔ blibo la, ame siwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba gbɔ, esime woyɔ Amonitɔwo ƒo ƒu tso woƒe duwo me eye wodo yi aʋakpeƒe. Esi David se nya sia la, eɖo Yoab kple aʋakɔ blibo la ɖa. Amonitɔwo do go va woƒe dua ƒe agbo nu hena aʋawɔwɔ, eye fia siwo va la le aʋagbedzi wo tɔ wo tɔe. 10 Yoab kpɔ be wodze aʋa ɖe ye ŋgɔ kple ye megbe siaa eya ta etia Israel ƒe asrafo siwo bi ɖe aʋawɔwɔ me eye wòna woɖakpe aʋa kple Aramtɔwo. 11 Ena akpa evelia si nɔ nɔvia Abisai ƒe kpɔkplɔ te la kpe aʋa kple Amonitɔwo.
12 Yoab gblɔ na nɔvia be, “Ne Aramtɔwo sẽ nam akpa la, nàva kpe ɖe ŋunye, ke ne Amonitɔwo sẽ na wò akpa la, mava kpe ɖe ŋuwò.
13 “Lé dzi ɖe ƒo, eye na míawɔ aʋa la kalẽtɔe na míaƒe dukɔ kple míaƒe Mawu la ƒe duwo. Yehowa awɔ nu si nyo le eŋkume.”
14 Tete Yoab kple eƒe aʋakɔwo lũ ɖe Aramtɔwo dzi be woakpe aʋa kpli wo eye Aramtɔwo si le wo nu. 15 Esi Amonitɔwo kpɔ be Aramtɔwo nɔ sisim la, woawo hã lé du tsɔ le nɔvia Abisai ŋgɔ eye woɖage ɖe du la me eya ta Yoab trɔ dzo yi Yerusalem.
16 Esime Aramtɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wodɔ amewo be woadi aʋawɔla bubuwo tso Ufrates tɔsisi la godo eye wonɔ Sofak, Fia Hadadezer ƒe aʋafia gã ƒe kpɔkplɔ te.
17 Esi wogblɔ nya sia na David la, eƒo Israel blibo la nu ƒu, tso Yɔdan eye wodze aʋa ɖe wo ŋu. David ho aʋa ɖe Aramtɔwo ŋu eye Aramtɔwo wɔ aʋa kplii. 18 Ke Aramtɔwo si le Israel nu eye David wu woƒe tasiaɖamŋusɔdola akpe (7,000) adre kple asrafo afɔzɔla akpe blaene (40,000). Ewu woƒe aʋafia Sofak hã.
19 Esi Hadadezer ƒe amewo kpɔ be Israel si yewo la, wowɔ ŋutifafa kple David eye wozu etenɔlawo.
Tso esia dzi la, Aramtɔwo megakpe ɖe Amonviwo ŋu le woƒe aʋawɔwɔ me kpɔ o.