18
David ƒe dziɖuɖuwo le aʋa me
Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, exɔ Gat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe le Filistitɔwo si.
David ɖu Moabtɔwo hã dzi, wozu etenɔlawo eye woxea adzɔga nɛ.
Eɖu Zoba fia, Hadadezer ƒe duwo dzi yi Hamat ke le esime wòyi be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi le Frat tɔsisi la to. David lé sɔdola akpe adre (7,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka (100) ko.
Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) eye wòda asrafo aɖewo ɖe Aram le Damasko, si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòyi.
David tsɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo ƒe amegãwo ƒe sikakpoxɔnuwo va Yerusalem, kpe ɖe akɔbli geɖe tso Hadadezer ƒe du siwo nye Teba kple Kun la me la ŋu. Emegbe la, Fia Solomo lolo akɔbli la eye wòtsɔe wɔ gbedoxɔ la ƒe akɔbligazɔ kple akɔblisɔtiwo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna ne wole vɔ sam le vɔsamlekpui la dzi.
Esime Hamat fia Tou se be Fia David si Zoba fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la, 10 eɖo Via ŋutsu Hadoram ɖe Fia David gbɔ be wòado gbe nɛ, ada ŋkɔ ɖe edzi le eƒe dziɖuɖu ta eye wòatsɔ sika, klosalo kple akɔbli nɛ. Edi be yeawɔ ɖeka kple Fia David elabena eya kple Hadadezer nye futɔwo eye wowɔ aʋa geɖewo.
11 Fia David kɔ nunana siawo kple klosalo kple sika si wòkpɔ tso Edomtɔwo, Moabtɔwo, Amonitɔwo, Amalekitɔwo kple Filistitɔwo gbɔ la ŋu na Yehowa.
12 Abisai, Zeruya ƒe vi, wu Edomtɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime. 13 Eda asrafo aɖewo ɖe Edom eye Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
David ƒe dɔnunɔlawo
14 David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.
 
15 Yoab, Zeruya ƒe vi, nɔ aʋakɔ la nu.
Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye fia ƒe tsiami.
16 Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo
eye Sausa nye fia la ƒe nuŋlɔla.
17 Benaya, Yehoiada ƒe vi, nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fia la ŋu dzɔlawo ƒe amegãwo la nu le
esime David ƒe viŋutsuwo nye fia la ŋumewo ƒe tatɔwo.