4
Yuda ƒe dzidzimevi bubuawo
Yuda ƒe dzidzimevi bubuawoe nye:
Perez, Hezron, Karmi, Hur kple Sobal.
Sobal ƒe vie nye Reaia, ame si dzi Yahat, ame si dzi Ahumai kple Lahad. Ame siawo va zu Zoratitɔwo ƒe ƒomewo.
Etam ƒe dzidzimeviwoe nye:
Yezreel, Isma, Idbas kple via nyɔnu Hazelelponi Penuel dzi Gedor eye Ezer dzi Husa Ezer.
Ame siawoe nye Hur ƒe dzidzimeviwo, Hur nye Efrata ƒe ŋgɔgbevi kple Betlehem fofo.
Asur, Tekoa fofo, ɖe srɔ̃ eve: Hela kple Naara.
Naara dzi Ahuzam, Hefer, Temeni kple Haahastari.
Hela ƒe viŋutsuwoe nye:
Zeret, Zohar, Etnan kple Koz, ame si dzi Anub kple Hazobeba hekpe ɖe Harum ƒe vi ƒe hlɔ̃ ŋu eye eya mee hlɔ̃ si wotsɔ kple Aharlel, Harum ƒe vi, ŋkɔ na la dzɔ tso.
 
Yabez xɔ ŋkɔ wu nɔvia bubuawo katã. Dadaa na ŋkɔe be, Yabez si gɔmee nye, “Vevesese” elabena dadaa se veve ŋutɔ le edzidzi me. 10 Eyae do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu be, “Oo, yram eye nàkpe ɖe ŋunye le nye dɔwɔwɔ me. Meɖe kuku, nɔ kplim le nu sia nu si mawɔ la me eye nàɖem tso nu vɔ̃ kple dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.” Mawu se eƒe gbedodoɖa.
 
11 Kelub, Suha nɔviŋutsu, dzi Mehir, ame si dzi Eston. 12 Eston dzi Bet Rafa, Pasea kple Tehina, ame si dzi Ir Nahas. Ame siawoe nye Reka ƒe ŋutsuwo.
 
13 Kenaz dzi
Otniel kple Seraya.
Otniel dzi
Hatat Meonatai. 14 Meonatai, ame si dzi Ofra.
Seraya dzi Yoab,
ame si me Ge Harasim, aɖaŋuwɔla siwo nɔ Aɖaŋuwɔlawo ƒe Balime la dzɔ tso.
15 Kaleb, Yefune ƒe vi, dzi
Iru, Ela kple Naam.
Kenaz nɔ Ela ƒe viwo dome.
16 Yehalelel ƒe viwoe nye
Zif, Zifa, Tiria kple Asarel.
17 Ezra dzi
Yeter, Mered, Efer kple Yalon.
Mered ɖe Bitia, fiavinyɔnu aɖe tso Egipte eye wodzi Miriam, Samai kple Isba, ame si nye Estemoa fofo.
18 Estemoa srɔ̃ nye Yuda nyɔnu aɖe eye wòdzi Yered, Heber kple Yekutiel. Yered nye Gedor fofo, Heber nye Soko fofo eye Yekutiel nye Zanoah fofo.
19 Hodia srɔ̃ nye Naham nɔvinyɔnu.
Via ɖekae nye Keila, Garmitɔ la fofo; via bubue dzi Estemoa, Maakatitɔ la.
20 Simɔn dzi
Amnon, Rina, Ben Hanan kple Tilɔn.
Isi dzi
Zohet kple Ben Zohet.
21 Yuda ƒe viŋutsu, Sela ƒe viŋutsuwoe nye
Er, ame si dzi Leka, Lada, ame si dzi Maresa kple ame siwo nye avɔlɔ̃lawo nɔ Bet Asbea,
22 Yokim, Kozeba, Yoas kple Saraf ŋutsuwo, ame siwo ɖu fia le Moab kple Yasubi Lehem. Ŋkɔ siawo tso nuŋlɔɖi xoxoawo me. 23 Ame siawo xɔ ŋkɔ le zememe kple agbledede le Nataim kple Gedera me eye wowɔa dɔ na fia la.
Simeon
24 Simeon dzi
Nemuel, Yamin, Yarib, Zera kple Saul.
25 Saul dzi Salum, ame si dzi Mibsam, ame si dzi Misma.
26 Misma ƒe viwo dometɔ ɖekae nye
Hamuel, ame si dzi Zakur, ame si dzi Simei.
 
27 Simei dzi viŋutsu wuiade kple vinyɔnu ade. Nɔviawo dometɔ aɖeke ƒe viwo mesɔ gbɔ alea o eye wo viwo mede esi Yudatɔ geɖewo dzina la nu o. 28 Wonɔ Beerseba, Molada, Hazar Sual 29 Bilha, Ezem, Tolad, 30 Betuel, Horma, Ziklag, 31 Bet Markabot, Hazar Susim, Bet Biri kple Saaraim. Du siawo nɔ woƒe asi me va se ɖe David ƒe fiaɖuɣi. 32 Kɔƒe siwo ƒo xlã wo lae nye Etam, Ain, Rimon, Token kple Asan, kɔƒe atɔ̃ 33 kple kɔƒe siwo katã ƒo xlã du siawo va se ɖe Baalat. Esiawoe nye woƒe duwo,
eye dzidzimegbalẽ nɔ wo si.
 
34 Mesobab, Yamlek,
Yosa Amazia ƒe viŋutsu, 35 Yoel,
Yehu, Yosibia ƒe viŋutsu, ame si nye Seraya ƒe vi kple Asiel ƒe vi,
36 Elioenai, Yaakoba, Yehodaya,
Asaya, Adiel, Yesimiel, Benaya,
37 Zira, ame si nye Sifi ƒe vi, ame si nye Alon ƒe vi, ame si nye Yedaia ƒe vi, ame si nye Simri ƒe vi ame si nye Semaya ƒe vi.
 
38 Ŋutsu siwo ƒe ŋkɔ woyɔ va yi la woe nye woƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo.
 
Woƒe ƒomewo dzi ɖe edzi fũu 39 eye woyi Gedor ƒe gbɔto le balime la ƒe ɣedzeƒe gome le gbeɖuƒe dim na woƒe lãhawo. 40 Wokpɔ lãnyiƒe damawo, anyigba la keke nyuie, teƒe si ŋutifafa kple ɖoɖoezizi le. Hamitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ.
41 Ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ da ɖi la va le Yuda Fia Hezekia ƒe fiaɖuɣi. Woho aʋa ɖe Hamitɔwo ŋu le woƒe nɔƒewo nenema ke nye Meunitɔ siwo nɔ afi ma eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si wòle dzedzem egbe ene. Wonɔ woƒe nɔƒe elabena lãnyiƒe nɔ afi ma na woƒe lãhawo. 42 Le esia wɔwɔ vɔ megbe la, aʋawɔla siawo dometɔ alafa atɔ̃ tso Simeon ƒe ƒome la me yi Seir ƒe to la dzi. Woƒe kplɔlawo nye Pelatia, Nearia, Refaya kple Uziel. Wo katã wonye Isi ƒe viwo. 43 Wowu ame ʋɛe siwo susɔ tso Amalek ƒomea me eye wotsi afi ma va se ɖe egbe.