5
Ruben
Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o. Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso. Ruben ƒe viwoe nye:
 
Hanok, Palu, Hezron kple Karmi.
Yoel ƒe viwoe nye,
Semaya, ame si dzi Gog,
ame si dzi Simei. Simei ƒe vie nye Mika,
ame si dzi Reaia, ame si dzi Baal.
Baal ƒe vie nye Beera, ame si nye fiavi tso Ruben ƒe viwo dome. Asiria fia Tilgat Pilneser ɖe aboyoe.
Woƒe ƒometɔwo le woƒe hlɔ̃wo nu abe ale si wode wo dzidzimegbalẽ la me la, le ale:
Yeiel, fia la kple Zekaria kple Bela, Azaz ƒe viŋutsu, Sema ƒe viŋutsu kple Yoel ƒe viŋutsu.
 
Wonɔ teƒe si tso Aroer yi Nebo kple Baal Meon. Yoel nye lãnyila; enyi woƒe lãwo le gbegbe la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo heyi ɖe Frat tɔsisi la gbɔ elabena nyi geɖewo nɔ Gileadnyigba dzi.
10 Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi.
Gad
11 Gad ƒe dzidzimeviwo nɔ woƒe kasa le anyigba si tso Basan yi keke Saleka:
 
12 Yoel nye wo dometɔ xɔŋkɔtɔ eye Safam, Yanai kple Safat kplɔe ɖo.
13 Woƒe ƒometɔ siwo nye hlɔ̃ adreawo ƒe amegãwo la woe nye,
Mikael, Mesulam, Seba, Yorai, Yakan, Zia kple Eber.
14 Buz ƒe dzidzimeviwo le woƒe tsitsi nu le ale: Yahdo, Yesisai. Mikael, Gilead, Yarao, Huri kple Abihail.
15 Guni ƒe vi, Abdiel ƒe vi, Ahi nye hlɔ̃ la ƒe kplɔla.
 
16 Hlɔ̃ la nɔ Gilead, Basan kple wo ŋu duwo me kpakple Saron ƒe lãnyiƒe nutowo katã me va se ɖe eƒe mlɔenu.
17 Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖe dzidzimegbalẽ la me le Yuda fia Yotam kple Israel fia Yeroboam ƒe fiaɖuɣi.
 
18 Asrafo akpe blaene-vɔ-ene alafa adre blaade (44,760), ame siwo si aʋawɔnuwo nɔ, wohe wo nyuie eye wonye kalẽtɔwo la nɔ Ruben, Gad kple Manase ƒe to la ƒe afã ƒe aʋakɔ me. 19 Woho aʋa ɖe Hagritɔwo, Yeturitɔwo, Nafisitɔwo kple Nodabitɔwo ŋu. 20 Wodo gbe ɖa na Mawu, bia eƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu le woƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu ta. Ale woɖu Hagritɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi. 21 Woƒe afunyinuwo nye kposɔ akpe blaatɔ̃ (50,000), alẽ akpe alafa eve blaatɔ̃ (250,000), tedzi akpe eve (2,000) kple ame akpe alafa ɖeka (100,000). 22 Woƒe futɔ geɖewo ku le aʋa la me elabena Mawu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ale Ruben ƒe dzidzimeviwo nɔ Hagritɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo.
Manase ƒe to la ƒe afã
23 Manase ƒe to ƒe afã kaka ɖe anyigba si tso Basan yi Baal Hermon, Senir kple Hermon to la ŋu. Woawo hã sɔ gbɔ ŋutɔ.
24 Woƒe hlɔ̃wo ƒe fiawoe nye Efer, Isi, Eliel, Azriel, Yeremia, Hodavia kple Yahdiel. Wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ abe aʋawɔla kple kplɔla ene. 25 Ke womesubɔ wo fofowo ƒe Mawu la o, ke boŋ wosubɔ ame siwo Mawu tsrɔ̃ la ƒe legbawo. 26 Esia ta Israel ƒe Mawu na Asiria fia Pul (ame si wogayɔna be Fia Tilgat Pilneser Etɔ̃lia la), ho aʋa ɖe wo ŋu eye wòɖe aboyo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe hlɔ̃ afã me tɔwo. Wokplɔ wo yi Hala, Habor, Hara kple Gozan tɔsisi la to, afi si wole va se ɖe egbe.