7
Isaka
Isaka ƒe viŋutsuwoe nye:
Tola, Pua, Yasub kple Simrɔn; wo katã le ame ene.
Tola ƒe viwoe nye:
Uzi, Refaya, Yeriel, Yahmai, Ibsam kple Samuel eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye eƒe ƒome ƒe tatɔ. Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla siwo tso ƒome siawo me la de ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa ade (22,600).
Izrahia nye Uzi ƒe vi.
Izrahia ƒe viŋutsuwoe nye:
Mikael, Obadia, Yoel kple Isia; wo ame atɔ̃ la katã nye dumegãwo. Le David ŋɔli la, aʋawɔla siwo nɔ woƒe dzidzimeviwo dome la de ame akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000). Srɔ̃wo kple viwo sɔ gbɔ le wo ame atɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe si.
Aʋawɔla siwo nɔ Isaka ƒe viwo dome la nye ame akpe blaenyi-vɔ-adre (87,000), wode dzesi wo ɖe dzidzimegbalẽ la me.
 
Benyamin ƒe viŋutsu etɔ̃awoe nye:
Bela, Beker kple Yediael.
Bela ƒe viŋutsuwoe nye:
Ezbon, Uzi, Uziel, Yerimot kple Iri. Ame atɔ̃ siawo katã nye ƒomewo ƒe tatɔwo. Aʋawɔla siwo le woƒe dzidzimeawo me la nye ame akpe blaeve-vɔ-eve kple blaetɔ̃-vɔ-ene (22,034). Wode dzesi wo katã ɖe dzidzimegblalẽwo me.
Beker ƒe viwoe nye:
Zemira, Yoas, Eliezer, Elioenai, Omri, Yeremot, Abiya, Anatɔt kple Alemet. Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla sesẽ akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve (20,200) nɔ woƒe dzidzimeviwo dome eye woƒe kplɔlawo nye woƒe ƒometatɔwo.
10 Yediael ƒe vie nye:
Bilhan,
eye Bilhan ƒe viwoe nye:
Yeus, Benyamin, Ehud, Kenaana, Zetan, Tarsis kple Ahisahar. 11 Yediael ƒe hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple aʋawɔla nye akpe wuiadre, alafa eve (17,200) le Fia David ŋɔli.
12 Ir ƒe viwoe nye Supitɔwo kple Hupitɔwo. Husim nye Aher ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.
Naftali
13 Naftali ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yakob ƒe vi siwo Yakob srɔ̃ Bilha dzi me la woe nye:
Yahziel, Guni, Yezer kple Salum.
Manase
14 Manase ƒe vi siwo srɔ̃a si nye Arameatɔ dzi nɛ la,
woe nye Asriel kple Makir, ame si va zu Gilead fofo. 15 Makir nye ame si di srɔ̃wo na Hupim kple Supim. Makir nɔvinyɔnu nye Maaka. Makir ƒe vi bubue nye Zelofehad, ame si si vinyɔnuwo ɖeɖe ko nɔ. 16 Makir srɔ̃ hã ŋkɔe nye Maaka; edzi ŋutsuvi ɖeka eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Seres, ame si dzi ŋutsuvi eve, Ulam kple Rakem.
17 Ulam dzi Bedan.
Ale ame siawoe nye Gilead ƒe viwo kple tɔgbuiyɔviwo na Makir, ame si fofoe nye Manase.
18 Hamoleket, Makir nɔvinyɔnu dzi Ishod, Abiezer kple Mahla.
19 Semida ƒe viwoe nye:
Ahian, Sekem, Likhi kple Aniam.
Efraim
20 Efraim ƒe vidzimeviwoe nye:
Sutela, Via ŋutsu, Bered,
ame si dzi Tahat, ame si dzi Eleada,
ame si dzi Tahat, 21 ame si dzi Zabad
ame si dzi Sutela.
Amewo tso Gat wu Ezer kple Elead esi ame eve siawo yi Gat be yewoafi woƒe lãwo. 22 Wo fofo Efraim fa wo ɣeyiɣi didi aɖe eye nɔviawo dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ. 23 Le esia megbe la, srɔ̃a fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Efraim na ŋkɔe be Beria, si gɔmee nye “Dzɔgbevɔ̃e,” le nya si dzɔ la ta. 24 Efraim ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Seera, eyae tu Bet Horon Anyigbetɔ kple Bet Horon Dzigbetɔ siaa kple Uzen Seera.
25 Efraim ƒe dzidzimeviwo yi ale:
Efraim dzi Refa, ame si dzi Resef,
ame si dzi Tela ame si dzi Tahan,
26 ame si dzi Ladan, ame si dzi Amihud,
ame si dzi Elisama, 27 ame si dzi Nun,
ame si dzi Yosua.
28 Anyigba si dzi wonɔ la do liƒo kple Betel kple du siwo ƒo xlãe; edo liƒo kple Naran le ɣedzeƒe kple Gezer kple eƒe duwo le ɣetoɖoƒe eye wògado liƒo kple Sekem kple du siwo ƒo xlãe heyi Aya kple du siwo ƒo xlãe. 29 Du siwo nɔ Manase ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yosef, Israel ƒe vi, me ƒe dzikpɔkpɔ te la, woe nye Bet Sean, Taanak, Megido kple Dor kple du siwo ƒo xlã wo.
Aser
30 Aser ƒe viŋutsuwoe nye:
Imna, Isva, Isvi, Beria kple wo nɔvinyɔnu Sera.
31 Beria ƒe viwoe nye:
Heber kple Malziel, ame si dzi Birzait.
32 Heber ƒe viwoe nye:
Yaflet, Somer, Hotam kple wo nɔvinyɔnu, Sua.
33 Yaflet ƒe viwoe nye:
Pasak, Bimhal kple Asvat,
34 Nɔvia, Semer ƒe viŋutsuviwoe nye:
Ahi, Rohga, Huba kple Aram.
35 Helem ƒe viwoe nye:
Zofa, Imna, Seles kple Amal.
36 Zofa ƒe viwoe nye:
Sua, Harnefer, Sual, Beri, Imra, 37 Bezer, Hod, Sama, Sila, Itran kple Beera.
38 Yeter ƒe viwoe nye:
Yefune, Pispa kple Ara.
39 Ula ƒe viwoe nye:
Ara, Haniel kple Rizia.
40 Aser ƒe dzidzimeviwo katã nye ƒometatɔwo kple aʋawɔla nyuiwo. Wode aʋawɔla akpe blaeve-vɔ-ade (26,000).