8
Saul, Benyamintɔ la ƒe dzidzimegbalẽ
Benyamin ƒe ŋgɔgbevie nye:
Bela,
Asbel nye Via ŋutsu evelia eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Ahara,
eneliae nye Noha eye atɔ̃liae nye Rafa.
Bela ƒe viŋutsuwoe nye: Ada, Gera, Abihud, Abisua, Naaman, Ahoa Gera, Sefufan kple Huram.
Ehud ƒe viwo nye hlɔ̃metatɔwo le Geba. Wolé wo le aʋa me eye woɖe aboyo wo yi Manahat. Woawoe nye:
Naaman, Ahiya, Gera, ame si wogayɔna be Heglam, ame si dzi Uza kple Ahihud.
Saharaim gbe srɔ̃a eveawo, Husim kple Baara. Edzi viwo kple Hodes, srɔ̃a yeyea le Moab nyigba dzi. Ɖeviawoe nye Yobab, Zibia, Mesa, Malkam, 10 Yeuz, Sakia kple Mirma. Ame siawo katã va zu hlɔ̃mefiawo. 11 Do ŋgɔ la, srɔ̃a Husim dzi Ahitub kple Elpaal nɛ.
12 Elpaal ƒe viwoe nye:
Eber, Misam, Semed, ame si tso Ono du kple Lod du kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo. 13 Via bubuwoe nye Beria kple Sema, hlɔ̃mefia siwo nɔ Aiyalon; wonya ame siwo nɔ Gat tsã la dzoe.
14 Elpaal ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Ahio, Sasak kple Yeremot. 15 Beria ƒe viwoe nye: Zebadia, Arad, Eder, 16 Mikael, Ispa kple Yoha.
17 Elpaal ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Zebadia, Mesulam, Hizku, Heber, 18 Ismerai, Izlia kple Yobab.
19 Simei ƒe viwoe nye: Yakim, Zikri, Zabdi, 20 Elienai, Ziletai, Eliel 21 Adaya, Beraya kple Simrat.
22 Sasak ƒe viwoe nye: Ispan, Eber, Eliel, 23 Abdon, Zikri, Hanan 24 Hananiya, Elam, Antotiya, 25 Ifdeya kple Penuel.
26 Yehoram ƒe viwoe nye: Samserai, Seharia, Atalia, 27 Yaaresia, Eliya kple Zikri.
28 Ame siwo nye fiawo le hlɔ̃wo nu le Yerusalem woe nye:
 
29 Yeiel, Gibeon fofo, enɔ Gibeon; srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka. 30 Via ŋutsu tsitsitɔe nye Abdon eye eyomeviwoe nye Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab, 31 Gedor, Ahio, Zeker 32 kple Miklot, ame si dzi Simea. Ƒome siawo katã nɔ teƒe ɖeka le Yerusalem gbɔ.
33 Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal.
34 Yonatan dzi Mefiboset ame si wogayɔna hã be
Meribaal eye eya hã dzi Mika.
35 Mika ƒe viwoe nye:
Pitɔn, Melek, Tarea kple Ahaz.
36 Ahaz dzi Yehoiada eye eya hã dzi Alemet, Azmavet kple Zimri, ame si dzi Moza. 37 Moza dzi Binea, ame si ƒe viwoe nye Rafa, Eleasa kple Azel.
38 Ŋutsuvi ade nɔ Azel si; woawoe nye:
Azrikam, Bokeru, Ismael, Searia, Obadia kple Hanan.
39 Azel nɔviŋutsu, Esek dzi viŋutsu etɔ̃; gbãtɔe nye
Ulam, eveliae nye Yeus eye etɔ̃liae nye Elifelet. 40 Ulam ƒe viwo nye aʋawɔla xɔŋkɔwo eye woƒe alɔ dzɔna le aŋutrɔdada me.
Viŋutsu kple tɔgbuiyɔvi alafa ɖeka blaatɔ̃ (150) nɔ esi eye wo katã wonye Benyamin ƒe dzidzimeviwo.