9
Ame siwo nɔ Yerusalem
Wode Israelvi ɖe sia ɖe ƒe ƒome Israel fiawo ƒe agbalẽ me pɛpɛpɛ. Woɖe aboyo Yudatɔwo yi Babilonia le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta.
 
Ame gbãtɔ siwo trɔ gbɔ eye woganɔ woƒe du xoxoawo me la woe nye ƒome siwo dzɔ tso Israel me kple nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame siwo wɔa subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me.
 
Emegbe la, ame aɖewo tso Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase ƒe ƒomewo me gbɔ va ɖo Yerusalem.
Ƒome siawo dometɔ ɖekae nye Utai ƒe ƒome. Utai nye Amihud ƒe vi, Amihud nye Omri ƒe vi, Omri nye Imri ƒe vi eye Imri nye Bani ƒe vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome.
Silonitɔwo hã trɔ gbɔ. Ame siwo nɔ Silonitɔwo dome la woe nye:
Asaya, Silon ƒe viŋutsu tsitsitɔ kple via ade
kple Zera ƒe viwo, ame siwo dome
Yeuel kple eƒe dzidzimeviwo nɔ.
Wo katã wode ame alafa ade blaasieke (690).
 
Benyamin ƒe vi siwo gbɔ la woe nye:
Salu, Mesulam ƒe vi, Hodavia kple Hasenua ƒe tɔgbuiyɔvi,
Ibnea, Yeroham ƒe vi;
kple Ela Uzi ƒe vi kple Mikri ƒe tɔgbuiyɔvi;
kple Mesulam, Safatis ƒe vi; Sefatia fofoe nye Reuel eye Reuel fofoe nye Ibniya.
Ame siawo katã nye hlɔ̃mefiawo. Benyamin ƒe dzidzimevi siawo nye ame alafa asiekɛ blaatɔ̃-vɔ-ade (956).
 
10 Nunɔla siwo trɔ gbɔ la woe nye:
Yedaia, Yehoyarib, Yakin,
11 Azaria nye Hilkia ƒe vi, ame si fofoe nye Mesulam, ame si fofoe nye Zadok, ame si fofoe nye Merayot, ame si fofoe nye Ahitub. Zadok nye amegã na nudzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.
12 Nunɔla siwo trɔ gbɔ la dometɔ ɖekae nye Adaya, Yeroham ƒe vi, ame si nye Pasur ƒe vi, ame si nye Malkiya ƒe vi.
Nunɔla bubuwoe nye:
Masai, ame si nye Adiel ƒe vi, ame si nye Yahzera ƒe vi, ame si nye Mesulam ƒe vi, ame si nye Mesilemit ƒe vi, ame si nye Imer ƒe vi.
13 Nunɔla siwo trɔ gbɔ la ƒe xexlẽmee nye akpe ɖeka, alafa adre blaade (1,760). Ame siwo nye ame zãzɛwo le Mawu ƒe aƒe dɔwo wɔwɔ me.
 
14 Ame siwo tso Levi ƒe viwo dome la woe nye:
Semaya, Hashub ƒe vi, ame si nye Azrikam ƒe vi, ame si nye Hasabia ƒe vi, ame si dzɔ tso Merari me.
15 Levi ƒe vi bubu siwo trɔ gbɔ la woe nye:
Bakbakar, Heres, Galal, Matania, Mika ƒe vi, ame si nye Zikri ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe vi;
16 kple Obadia, Semaya ƒe vi, Galal ƒe vi kple Berekia, Asa ƒe vi, ame si nye Elkana ƒe vi, ame si nɔ Netofatitɔwo ƒe anyigba dzi.
 
17 Agbonudzɔlawoe nye:
Salum, Akub, Talmon, Ahiman kple wo nɔviwo. Salum nye woƒe tatɔ. 18 Wodae ɖe Fia ƒe Agbo nu le ɣedzeƒe va se ɖe egbe. Ame siawoe nye agbonudzɔlawo tso Levitɔwo dome.
19 Salum ƒe dzidzime to Kore kple Ebiasaf dzi va se ɖe Korah dzi. Eya kple nɔviawo, Korah ƒe viwoe kpɔa vɔsawo kple Kɔkɔeƒe la dzi abe ale si wo fofowo kpɔ agbadɔ la dzi eye wodzɔ eŋu ene.
20 Finehas, Eleazar ƒe vi, nye woƒe amegã gbãtɔ le blema eye Yehowa nɔ kplii.
21 Le ɣe ma ɣi la, Zekaria, Meselemia ƒe vi dzɔ Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe agbonu ŋu.
22 Ame siwo katã wotia be woanye agbonudzɔlawo la ƒe xexlẽme le alafa eve wuieve (212). Wotia wo tso woƒe kɔƒewo me ɖe woƒe dzidzimegbalẽ nu.
 
David kple nukpɔla Samuel woe de agbonudzɔdɔ asi na agbonudzɔlawo. 23 Woawo kple woƒe dzidzimeviwoe dzɔa Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, aƒe si woyɔna be Agbadɔ. 24 Woda agbonudzɔlawo ɖe akpa eneawo dzi: ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, anyiehe kple dziehe. 25 Enɔ na wo nɔviŋutsu siwo nɔ woƒe kɔƒewo me be woava tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi akpe ɖe wo ŋuti le woƒe dɔwɔnawo me ŋkeke adre. 26 Wotsɔ Mawu ƒe aƒe la ƒe xɔwo kple nudzraɖoƒewo ƒe dzikpɔkpɔ de asi na agbonudzɔlagã eneawo, ame siwo nye Levitɔwo. 27 Zã sia zã la, woƒoa xlã Mawu ƒe aƒe la eye wodzɔa eŋu elabena woƒe dɔe nye be woadzɔ eŋu eye le esia ta safui la nɔa wo si be woaʋu agbo la ŋdi sia ŋdi.
28 Wo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye woakpɔ agba vovovo siwo ŋu dɔ wowɔna le mawusubɔsubɔ me la dzi, woaxlẽ wo ne wotsɔ wo vɛ kple ne wotsɔ wo do goe. 29 Ame bubuwo ƒe dɔe nye woakpɔ xɔmenuwo kple nu siwo le Kɔkɔeƒe la me kple wɔ memi kple wain, ami kple dzudzɔdonu kple atike ʋeʋĩwo dzi. 30 Ke atikeʋeʋĩawo tɔtɔ nye nunɔla aɖewo ƒe dɔ. 31 Levitɔ aɖe si ŋkɔe nye Matitia, Korahitɔ Salum ƒe viŋutsu ŋgɔgbeae nye ame si wotsɔ abolo si wotsɔna saa vɔe ƒe meme ƒe dɔ de asi na. 32 Kohatitɔ la ƒe viŋutsuawo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye be woame abolo si wodana ɖe kplɔ̃ dzi Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe.
33 Ame siwo nye hadzilawo kple Levitɔwo ƒe ƒometatɔwo la, nɔa gbedoxɔ la ƒe xɔwo me. Womegaɖoa dɔ bubu aɖeke na wo o elabena wowɔa dɔ le ŋkeke me kple zã me siaa.
34 Ame siawo katã nye Levi ƒomewo ƒe tatɔwo kple hlɔ̃memetsitsiwo abe ale si wòdze le woƒe dzidzimegbalẽ la me ene eye wonɔ Yerusalem.
Saul ƒe dzidzimeviwo
35 Yeiel, Gibeon fofo, enɔ Gibeon;
srɔ̃a ŋkɔe nye Maaka. 36 Via ŋutsu tsitsitɔe nye Abdon eye eyomeviwoe nye Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab, 37 Gedor, Ahio, Zekaria kple Miklot. 38 Miklot kple via Simeam nɔ Yerusalem te ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu.
39 Ner dzi Kis, ame si dzi Saul eye Saul hã dzi Yonatan, Malki Sua, Abinadab kple Esbaal.
40 Yonatan dzi Mefiboset, ame si wogayɔna hã be
Meribaal eye eya hã dzi Mika.
41 Mika ƒe viwoe nye:
Pitɔn, Melek, Tahrea kple Ahaz.
42 Ahaz dzi Yada, ame si dzi Alemet, Azmavet kple Zimri; ame si nye Moza fofo. 43 Moza dzi Binea, Refaya, Eleasa kple Azel.
44 Ŋutsuvi ade nɔ Azel si; woawoe nye:
Azrikam, Bokeru, Ismael, Searia, Obadia kple Hanan.