16
Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume.
Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye: Asaf, ameawo ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo. Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe.
David ƒe akpedaha
Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf.
Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa
Miyɔ eƒe ŋkɔ eye miɖe gbeƒã nu
siwo wòwɔ la le dukɔwo dome.
Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,
Miɖe gbeƒã eƒe nukunuwɔwɔwo;
10 Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu,
mina ame siwo dia Yehowa la
ƒe dzi natso aseye.
11 Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,
Midi eƒe ŋkume ɖaa.
12 Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ,
eƒe dzesiwo kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo dzi.
 
13 O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo,
O Yakob ƒe viwo, ame siwo wòtia.
14 Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu!
Eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ xɔ anyigba la katã dzi.
 
15 Eɖoa ŋku eƒe nubabla
kple se siwo wòde na dzidzime akpewo la dzi ɖaa,
16 Eƒe nu si wòbla kple Abraham,
kple atam si wòka na Isak la dzi.
17 Eɖo kpe edzi na Yakob
Abe sedede ene eye
na Israel abe nubabla mavɔ ene be:
18 “Wòe matsɔ Kanaanyigba la na,
abe wò domenyinu ene!”
 
19 Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko,
Womesɔ gbɔ o eye wonye amedzrowo le anyigba dzi la,
20 Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me
Tso fiaɖuƒe ɖeka me yi bubu me la,
21 Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o
Eka mo na fiawo le wo ta
22 Mawu gblɔ na fia mawo be,
“Migaka asi nye amesiaminawo o
eye migawɔ nuvevi nye nyagblɔɖilawo o.”
 
23 Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa,
Miɖe gbeƒã eƒe xɔxɔ le dukɔwo dome gbe sia gbe,
24 Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome
kple eƒe nukudɔwo fia le anyigbadzitɔwo katã dome.
 
25 Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ;
ele be woavɔ̃e wu mawuwo katã. 26 Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo.
Ke Yehowae wɔ dziƒowo.
27 Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ eye ŋusẽ
kple ŋutikɔkɔe le eƒe kɔkɔeƒe la me.
 
28 O mi dukɔwo ƒe ƒomewo,
mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa.
29 Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ.
Mido ɖe eŋkume kple nunana.
Misubɔ Yehowa le eƒe kɔkɔenyenye ƒe atyɔ̃ me.
30 Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume.
Eɖo xexea gɔme anyi goŋgoŋgoŋ, mate ŋu aʋã o.
31 Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ dzi.
Wonegblɔ le dukɔwo dome be,
“Yehowae le fia ɖum.”
32 Atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe
eye gbegbe kple emenuwo katã netso aseye!
33 Ekema avemetiwo katã adzi ha
Woadzi ha kple dzidzɔ le Yehowa ŋkume,
Elabena egbɔna be yeadrɔ̃ ʋɔnu anyigba.
 
34 Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo
Eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
35 Mido ɣli be, “Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí,
Ƒo mía nu ƒu eye nàɖe mí tso dukɔwo ƒe asi me.
Be míada akpe na wò ŋkɔ kɔkɔe la,
Be míadzɔ dzi le wò kafukafu me.”
36 Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la
Tso mavɔ me yi mavɔ me.
Tete ameawo katã xɔ ɖe edzi be, “Amen, mikafu Yehowa.”
 
37 David tia Asaf kple nɔvia Levitɔwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ eye woawɔ nu sia nu si hiã na wɔwɔ la gbe sia gbe. 38 Ame siwo wode dɔ sia asi na la, woe nye: Obed Edom, Yedutun ƒe vi, Hosa kple wo nɔvi blaade-vɔ-enyi, ame siwo nye agbonudzɔlawo.
39 Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma. 40 Wosa numevɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi, fiẽ sia fiẽ le numevɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo na Israel ene. 41 David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta. 42 Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo.
43 Esi aseyetsotso la wu enu eye ame sia ame trɔ yi eƒe aƒe me la, David hã trɔ yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo.