17
Mawu ƒe ŋugbedodo na David
Esi David ɖi ɖe eme le eƒe fiasã la me la, egblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Mele xɔ siwo me wofa sedatiwo ɖo la me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka la ya le agbadɔ te.”
Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo ɖe ta me be yeawɔ elabena Mawu li kpli wò.”
Ke Mawu gblɔ na Natan le zã ma me be,
“Yi, nàgblɔ na nye dɔla, David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye si: Menye wòe atu xɔ nam manɔ eme o. Tso esime meɖe Israel tso Egipte la, agbadɔwo ko me menɔna, meʋu tso agbadɔ ɖeka me yi bubu me va se ɖe egbe. Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’
“Gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi; menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me. Gawu la, mana teƒe nye dukɔ, Israel, mali ke wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea me ene 10 alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mabɔbɔ wò futɔwo ɖe anyi. Mele gbeƒã ɖem na wò be, Yehowa ŋutɔ atso aƒe na wò.
11 “ ‘Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwòwo dometɔ ɖeka aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. 12 Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe dzidzimeviwo naɖu fia tegbetegbe. 13 Manye fofoa eye eya anye vinye. Nyemaɖe nye amenuveve kple lɔ̃lɔ ɖa le edzi abe ame si ɖu fia do ŋgɔ nɛ ene o. 14 Matsɔe aɖo nye aƒe kple nye fiaɖuƒe nu tegbetegbe ale eƒe dzidzimeviwo aɖu fia ɣeawo katã ɣi.’ ”
15 Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David.
David ƒe gbedodoɖa
16 Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be,
“Oo, Yehowa Mawu, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? 17 Oo Mawu, abe esiawo ɖe womesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe anye le etsɔ si gbɔna la ŋuti. Oo Yehowa Mawu, èle kpɔyem abe nye koe nye ame si de ŋgɔ wu le amewo katã dome ene.
18 “Nya kae David agagblɔ na wò le bubu si nède wò dɔla ŋu ŋuti? Elabena ènya wò dɔla, 19 Oo Yehowa. Le wò dɔla ta kple le wò lɔlɔ̃nu me, èwɔ nu gã sia eye nèna wonya wò ŋugbedodo gã siawo katã.
20 “Oo Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu aɖeke meli o negbe wò ko abe ale si míesee kple míawo ŋutɔ ƒe towo ene. 21 Eye dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. 22 Èwɔ Israel, wò dukɔ, wònye tɔwò tegbetegbe eye wò, Oo Yehowa, nèzu woƒe Mawu.
23 “Azɔ la, Oo Yehowa, na be wò ŋugbe si nèdo ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la nali ke tegbetegbe. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene, 24 ale be wòali ke eye wò ŋkɔ anye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, Mawu si le Israel dzi ɖum la, eyae nye Israel ƒe Mawu!’ Eye wò dɔla, David ƒe aƒe ali ke le ŋkuwòme.
25 “Wò, nye Mawu, èɖee fia wò dɔla be yeatu xɔ nɛ eya ta dzideƒo le wò dɔla si be wòado gbe ɖa na wò. 26 Oo Yehowa, ènye Mawu vavã! Ètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla. 27 Azɔ la, edze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòayi edzi anɔ wò ŋkume tegbee elabena, Oo Yehowa, wòe yrae eya ta yayra anɔ edzi tegbetegbe.”